Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 6:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eyata miawo mido gbe ɖa ale: Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 “Ale si miado gbe ɖae nye esi: “ ‘Mía Fofo si le dziƒo, woade bubu wò ŋkɔ ŋuti,

Gade chapit la Kopi




Mateo 6:9
43 Referans Kwoze  

Mía Aƒetɔ kple mía Mawu, wòe dze be, naxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋusẽ; elabena wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.


Elabena miexa kluvigbɔgbɔ, bene miaganɔ vɔvɔ̃m o; ke vinyenyegbɔgbɔ la boŋ miexɔ, esi me miedo ɣli le be: Aba, Fofo!


Eye makɔ nye ŋkɔ gã, si wodo gui le dukɔwo dome, esi miawo miedo gui le wo dome la ŋuti, eye dukɔwo adze sii bena, nyee nye Yehowa, ne mekɔ ɖokuinye ŋu le wo ŋku me ɖe mia ŋuti, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Elabena nye ŋkɔ lolo le dukɔwo dome tso ɣedzeƒe va-seɖe ɣetoɖoƒe, eye woado dzudzɔ ahasa vɔ dzadzɛ na nye ŋkɔ le teƒewo katã; elabena nye ŋkɔ lolo, le dukɔwo dome, Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Eɖo ɖeɖe ɖe eƒe dukɔ, eye wòɖo eƒe nubabla anyi tegbee; eƒe ŋkɔ le kɔkɔe, eye ŋɔdzi le eŋu.


Yehowa, megado dɔmedzoe akpa o, eye megaɖo ŋu vodada ɖaa o! Kpɔ ɖa, trɔ kɔ ɖe afi, wò dukɔ mí katã míenye!


Elabena ale ame gã, si ɖo kpo, eli tegbee, eye eƒe ŋkɔ nye kɔkɔe la, gblɔ esi: Mele dzi kple kɔkɔeƒe la, mele amesi wogbã gudugudu, kple amesi ƒe gbɔgbɔ wobɔbɔ de anyi la gbɔ, ne magbɔ agbe amesiwo wobɔbɔ ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe amesiwo wogbã gudugudu la ƒe dzi.


Ke esi míenye viwo ŋuti la, Mawu dɔ Via ƒe Gbɔgbɔ, si le ɣli ɖom be; Aba, Fofo la, ɖo ɖe míaƒe dziwo me.


Eye wodo ɣli ɖo ɖe wo nɔewo gblɔ bena: Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe enye Yehowa Zebaot! Eƒe ŋutikɔkɔe yɔ anyigba blibo la dzi!


wole gbɔgblɔm kple gbe gã bena: Alẽvi, si wowu la, eyae dze be, wòaxɔ ŋutete kple kesinɔnyenye kple nunya kple ŋusẽ kple bubu kple ŋutikɔkɔe kpakple kafukafu!


Mía Mawu le dziƒo, nusianu, si dze eŋu la, wòwɔna.


Eye Lewi-viwo, siwo nye Yesua, Kadmiel Bani, Xasabneya, Serebya, Hodiya, Sebanya kple Petanya, wogblɔ bena: Mitso, ne miakafu Yehowa mia Mawu la, tso mavɔ me yi mavɔ me! Mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe, si ƒo kafukafu kple ŋkɔxɔxɔwo katã ta.


Azɔ ne mi, amesiwo nye ame vɔ̃ɖiwo la, mienya alesi miana nunana nyuiwo mia viwo la, ɖe mia Fofo, si le dziƒo la, mana nu nyuiwo amesiwo bianɛ la, awu mi o mahã?


Wòe nye mía fofo, elabena Abraham menya mí o, eye Israel medze si mí o. Wò Yehowa enye mía fofo, eye ŋkɔwòe nye „mía ɖela“ tso gbaɖegbe ke.


Woakafu Yehowa Mawu, Israel ƒe Mawu la, amesi ɖeɖe ko wɔ nukunuwo!


Ke mele egblɔm na mí bena: Tso esia dzi la nyemegale weinkutsetse sia me tsi no ge, vaseɖe ŋkeke ma dzi, esi mía kpli mi miano yeye le Fofonye ƒe fiaɖuƒe la me o.


Eye migayɔ amea ɖeke be mia fofo le anyigba dzi o; elabena ame ɖekae nye mia fofo, eyae le dziƒo.


Nenema ke mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ƒe ŋku me, bena woakpɔ miaƒe nu nyui wɔwɔwo, eye woakafu mia Fofo, si le dziƒo.


gblɔ bena: Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu, de menye wòe nye Mawu le dziƒo kple dziɖula ɖe dukɔwo ƒe fiaɖuƒewo katã dzi oa? Asiwò me ŋusẽ kple kamesesẽ le, eye amea ɖeke mate ŋu ana te ɖe nuwò o.


Matsi tre, eye mayi fofonye gbɔ, eye magblɔ nɛ bena: Fofo, mewɔ nuvɔ̃ ɖe dziƒo ŋu kple ŋutiwò.


Yehowa anye fia ɖe anyigba blibo la nu; ɣemaɣi la Yehowa ɖeka ko anɔ anyi, eye ŋkɔ ɖeka ko anɔ eŋu.


ekema nasee le nɔwòƒe le dziƒo, eye nawɔ nusiwo katã ŋuti du bubu me to la le yɔwòm ɖo; ne anyigba dzi dukɔwo katã nadze si wò ŋkɔ, eye woavɔ̃ wò abe wò dukɔ Israel ene, eye wòadze sii bena, wò ŋkɔ woyɔ ɖe xɔ sia, si metu na wò la ŋu.


Elabena sidzedze Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ayɔ anyigba dzi taŋ, abe alesi tsi yɔ atsiaƒui ene.


Mado gã ɖokuinye, makɔ ɖokuinye ŋu, eye maɖe ɖokuinye afia le dukɔ geɖewo ŋku me, ne woadze sii be, nyee nye Yehowa.


Woaɖo ŋu ɖe wò ŋkɔ ŋu, eye woade du woahagblɔ be: Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, enye Mawu na Israel, eye wò dɔla Dawid ƒe aƒe li ke le ŋkuwò me!


Ekema wò ŋkɔ ade du tegbee, eye woagblɔ be: Yehowa Zebaot enye Mawu ɖe Israel nu, eye wò dɔla Dawid ƒe aƒe nali ke le ŋkuwò me!


Eye ne mieyɔ amesi mekpɔ ame ŋku me o, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu ɖe amesiame ƒe dɔwɔwɔ nu la, ƒe ŋkɔ dzi abe Fofo ene la, ekema mizɔ le miaƒe amedzronyenye ƒe ɣeyiɣi la me le vɔvɔ̃ me;


amesi ko si makumakunyenye le, amesi nɔa anyi le kekeli, si ŋu womate ŋu ate ɖo o la me, amesi amea ɖeke mekpɔ kpɔ o, eye mate ŋu akpɔe hã o, amesi tɔ lanye bubu kple ŋusẽ mavɔmavɔ! Amen.


Ke ɖevi la gblɔ ne bena: Fofo, mewɔ nuvɔ̃ ɖe dziƒo ŋu kple ŋutiwò, eye nyemegadze be, nayɔm be viwò o.


Ŋutikɔkɔe woana Mawu le dziƒo boo, eye ŋutifafa ava anyigba dzi; amegbetɔwo ŋu woakpɔ ŋudzedze nyui le.


Ale Yehowa gblɔ esi: Dziƒo enye nye fiazikpui, eye anyigba enye nye afɔɖodzinu. Xɔ ka ƒomevie miehe, yewoatu nam, eye teƒe ka anye nye gbɔɖemeƒe?


Elabena ne mietsɔ amewo ƒe vodadawo ke wo la, ekema mia Fofo, si le dziƒo la, atsɔe ake miawo hã.


Ke wò la, ne èle gbe do ge ɖa la, yi ɖe wò xogã me, eye esi nètu ʋɔa la, nado gbe ɖa na Fofowò le ɣaɣlaƒe, eye Fofowò, si le nu kpɔm le ɣaɣlaƒe la, laɖo teƒe na wò.


Eyaŋuti miawo hã mizu blibo, sigbe alesi mia Fofo, si le dziƒo la, le blibo ene.


Eye Mose gblɔ na Aron bena: Ke esia gblɔm Yehowa le enye sia bena: Maɖe ɖokuinye afia amesi te ɖe ŋunye la, abe kɔkɔetɔ ene, eye maɖe nye ŋutikɔkɔe afia le dukɔ blibo la ŋku me. Tete Aron zi kpi.


Paulo, si nye apostolo — menye amewo gbɔ wòtso, eye meto amea ɖeke hã dzi o, ke boŋ eto Yesu Kristo kple Mawu Fofo, si fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la dzi la —


Yesu gblɔ nɛ bena: Megaka asi ŋunye o; elabena nyemekpɔ yi dziƒo, Fofo la gbɔ, haɖe o, ke yi nɔvinveŋutsuwo gbɔ, eye nagblɔ na wo bena: Meyina dziƒo ɖe Fofonye kple miawo hã mia Fofo, nye Mawu kple miawo hã mia Mawu la gbɔ.


Egayi zi evelia, eye wòdo gbe ɖa gblɔ bena: Fofonye, ne esia nu mate ŋu ayi o, wònye ɖeko manoe la, woawɔ wò lɔlɔ̃nu.


Azɔ Yehowa, mía Mawu, ɖe mí tso esi me, ne anyigba dzi fiaɖuƒewo katã nadze sii be, wò ɖeɖe koe nye Yehowa.


ŋlɔ ɖo ɖe mi, amesiwo katã le Roma, siwo nye Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔwo kple ame kɔkɔe, siwo woyɔ la: Amenuveve kple ŋutifafa, si tso Mawu, mia Fofo, kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la, woana mi!


Alo wometsɔa atsutsurɔe eve ƒlena xɔa hotsui ewo oa? Eye ne menye mia Fofo ƒe lɔlɔ̃nu o la, wo dometɔa ɖeke mele dzedze ge ɖe anyigba o;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite