Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 6:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Elabena nenem nusiawo katã tɔgbe trɔ̃subɔlawo dina; ke mia Fofo, si le dziƒo la, nyae bena, nenem nusiawo katã hiãa mi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

32 Elabena trɔ̃subɔlawo tia nenem nu siawo katã yome, ke mia Fofo si le dziƒo la nya miaƒe hiahiãwo katã.

Gade chapit la Kopi




Mateo 6:32
12 Referans Kwoze  

Eyaŋuti migaɖi woawo o; elabena mia Fofo nya nusiwo hiãa mi, hafi miebianɛ.


Elabena nusiawo katã yome xexeame dukɔwo dina; ke mia Fofo nya bena, nusiawo hiã mi.


Azɔ la mele esia gblɔm, eye mele ɖase ɖim le Aƒetɔ la me bena, azɔ la miagazɔ abe alesi trɔ̃subɔlawo hã zɔna le woƒe tamesusu ƒe yakanyenye me la ene o,


tso amegbetɔwo si me kple wò asi, Yehowa, tso ame kodzogbeawo si me, amesiwo kpa woƒe gome le agbe me, eye nètsɔ wò kesinɔnuwo te ɖe ko me na wo; viwo bɔ ɖe wo si kpaŋ, eye wogblẽ woƒe nu susɔeawo ɖi na wo viwo.


menye le nudzodzro ƒe fiẽŋufiẽŋui vevie me, abe alesi trɔ̃subɔla, siwo menya Mawu o la wɔna la ene o;


Alesi fofo ƒe dɔme trɔna ɖe mawo ŋui la, nenema Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la ŋui.


hafi wòa nèbe, yeadi nu gãwoa? Megadi wo o; elabena Yehowa be: Mahe dzɔgbevɔ̃e ava ŋutilãwo katã dzi; ke mana wò agbe nazu aboyonu na wò le teƒe, siwo katã nayi.


Ke nye Mawu la ana miaƒe hiahiã katã nazu nukpɔkpɔ taŋtaŋ le eƒe kesinɔ la nu le ŋutikɔkɔe me le Kristo Yesu me.


Esi wòfɔ kɔ la, kpɔ ɖa, tatali tɔtɔe kple tsigoe le eƒe tade, eye woɖu nu no nu gamlɔ anyi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite