Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 6:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Mikpɔ dziƒoxeviwo ɖa, womeƒãa nu o, womeŋea nu hã o, eye womeƒoa nuwo ƒu ɖe avawo me hã o, ke mia Fofo, si le dziƒo la, nyia wo. Alo ɖe mia tɔ mevena wua woawo to o mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 Mikpɔ dziƒoxeviwo ɖa; womeƒãa nu alo ŋea nu alo ƒoa nu nu ƒu ɖe avawo me o. Ke mia Fofo si le dziƒo la naa nuɖuɖu wo. Ɖe mi amegbetɔwo miexɔ asi sãa wu dziƒoxeviwo oa?

Gade chapit la Kopi




Mateo 6:26
15 Referans Kwoze  

Eya, amesi na nuɖuɖu lãwo kple akpaviãvi, siwo le xɔxlɔ̃m.


Ameka ɖaa nuɖuɖu na akpaviã, ne viawo le ɣli dom na Mawu, eye wole tsa glãla tsam nuɖuɖu makpɔmakpɔe?


Elabena nenem nusiawo katã tɔgbe trɔ̃subɔlawo dina; ke mia Fofo, si le dziƒo la, nyae bena, nenem nusiawo katã hiãa mi.


Alo ameka le mia dome, ne via abia aboloe la, wòatsɔ kpe anae mahã?


amesi fia nu mi wu anyigba dzi lãwo, eye wòde nunya tagbɔ na mí wu dziƒoxewo la le o.


Menya xevi, siwo katã le towo dzi, eye nusiwo katã ʋãa wo ɖokui le gbe me la, mele manyamanya ɖem o.


Eye wògblɔ bena: Esia mawɔ: mamũ nye avawo, eye matu gatɔwo, eye afima maƒo nye nukuwo kple nye nu nyuiwo nu ƒu ɖo.


Ke wò la tsɔ nuɖuɖu ƒomevi vovovo, siwo katã woɖuna la, dzra ɖo ɖe gbɔwò, bena woanye nuɖuɖu na mia kpli wo siaa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite