Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 6:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Migadzra nu nyuiwo ɖo na mia ɖokui le anyigba dzi, afisi agbagblaʋui kple nusiwo ɖua nu la, gblẽa nu le, eye fiafitɔwo dzea kpɔ va fia, nu le la o;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 “Migadzra miaƒe kesinɔnuwo ɖo ɖe anyigba dzi, afi si agbagblaʋui kple ɣebialéle gblẽa nu le, eye fiafitɔwo gbãa ʋɔ hefia nu le la o,

Gade chapit la Kopi




Mateo 6:19
23 Referans Kwoze  

Mina miaƒe susu navo tso galɔlɔ̃ me, eye nusiwo le mia si la, nadze mia ŋu; elabena eya ŋutɔ gblɔ be: „Nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o, eye nyemele mia gblẽ ge ɖi akpa o.“


Ale amesi le nu nyuiwo dzram ɖo na eɖokui, eye kesinɔnuwo mele esi le Mawu gome o la, le enye si.


Aleke gbegbe nunyakpɔkpɔ mehenyo wu sikae, ete gɔmesesekpɔkpɔ meheƒo klosalo tae o!


Kesinɔnu menye viɖea ɖeke le dzikudogbe o; ke dzɔdzɔenyenye ɖea ame tsoa ku me.


Eye esi Yesu see la, egblɔ ne bena: Egasusɔ nu ɖeka na wò; dzra nusiwo katã le asiwò la, eye namã wo na ame dahewo, eye nu nyui anɔ dziƒo na wò; eye nava adze yonyeme.


De se na xexe sia me kesinɔtɔwo bena, woagado wo ɖokui ɖe dzi glodzo o, eye womagatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ aɖo kesinɔnuwo ƒe dediemanɔmanɔ dzi o; ke boŋ ɖe Mawu gbagbe, si tsɔ nuwo katã na mí fũ be, míawɔ wo ŋuti do la dzi;


Midzra nusi le mia si, eye mina nu ame dahewo; miwɔ kotoku, siwo medo xoxo o la, na mia ɖokui, nu nyui, siwo nu metsina o la, ɖe dziƒo, afisi fiafitɔ megogo o, eye agbagblaʋui hã megblẽa nu le o.


Woƒe klosalo kple sika hã mate ŋu aɖe wo le Yehowa ƒe dɔmedzoedogbe o, eye eƒe ŋuʋa-ʋã ƒe dzo afiã anyigba blibo la; elabena ele anyigbadzitɔwo katã tsrɔ̃ ge zi ɖeka.


Eye esi Yesu kpɔe la, egblɔ bena: Ale wòsẽ na amesiwo si nu le la be, wòayi ɖe mawufiaɖuƒe la me enye esi.


Vavã, tofloko enye amegbetɔviwo, eye alakpa enye ameviwo; wole wodzoo le nudanu me, elabena wo katã la tofloko wonye.


Kpɔ ɖa, èwɔ nye ŋkekewo wonye asi ƒe kekeme, eye nye agbenɔɣi menye naneke le ŋkuwò me o. Nyateƒe, ne amegbetɔ li ke ʋuu hã la, ƒuƒu ko wònye. Sela.


Yesu gblɔ nɛ bena: Ne èle didim be, yeazu blibo la, heyi ɖadzra nusiwo le asiwò la, ne natsɔ wo ana ame dahewo, ekema kesinɔnu anɔ dziƒo na wò, eye nava anɔ yonyeme.


Ne meɖo dzi ɖe sika ŋu, eye megblɔ na sika nyuitɔ be: wò ŋue mele ŋu ɖom ɖo;


Elabena etsɔ nunya, sidzedze kple dzidzɔ na amesi ƒe nu dze eŋu la; ke nuvɔ̃wɔla la, etsɔ dɔwɔwɔ nɛ, be wòaƒo nu nu ƒu, eye wòali kɔ nu, ne Mawu natsɔ na amesi ƒe nu dze eŋu la. Esia hã tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wònye.


Ke nenye ŋkeke mee la, woabia eƒe hlɔ̃. Ele na fiafi la be, wòaɖo nusi wòfi la teƒe; ke ne naneke mele esi o la, woatsɔe adzra de eƒe tititi la nu.


Wodzea zã ɖe aƒewo ŋu; wodoã ʋɔ ɖe wo ɖokui nu le ŋkeke me, eye womenyaa keli o.


ke boŋ midzra nu nyuiwo ɖo na mia ɖokui le dziƒo, afisi agbagblaʋui kple nusiwo dua nu la, megblẽa nu le o, eye fiafitɔ medzea kpo va fia nu le o:


Ke minya esia bena, ne aƒeatɔ anya gaƒoƒo, si dzi fiafitɔ ava la, anɔ ŋudzɔ, eye mana mɔe be, wòadze kpɔ age ɖe eƒe aƒe me o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite