Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 6:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Ke ne míetsi nu do la, migato mo sigbe alakpatɔwo ene o; elabena wogblẽa mo na wo ɖokui, bena amewo nadze si wo abe amesiwo tsia nu dona la ene. Vavã mele egblɔm na mi bena: Woxɔ woƒe fetu yii xoxo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 “Ne mietsi nu dɔ la, migayɔ mo lilili abe ale si alakpanuwɔlawo wɔna ene o. Ame siawo yɔa mo lilili, be amewo nakpɔ be yewole nutsitsidɔ me. Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be ame siawo xɔ woƒe fetu blibo la xoxo.

Gade chapit la Kopi




Mateo 6:16
25 Referans Kwoze  

Esi mese nya siawo la, mebɔbɔ nɔ anyi hefa avi, eye mexa nu, ŋkeke geɖe, metsi nu da, eye medo gbe ɖa le dziƒo Mawu la ŋku me


Tete metrɔ mo de Aƒetɔ Mawu la ŋu, ne matsɔ nutsitsidɔ, akpanyatata kple dzowɔ ado gbe da, eye maƒo koko,


Metsia nu dɔna zi eve le kwasiɖa ɖeka me, eye metsɔa nusiwo katã sua asinye la, ƒe ewolia nana.


Eye Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple farisitɔwo tsia nu dana; eye wova gblɔ nɛ bena: Nukaŋuti Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple farisitɔwo ƒe nusrɔ̃lawo tsia nu dona, eye wò nusrɔ̃lawo ya metsia nu dona o mahã?


Elabena ŋuʋaʋã ɖe wò aƒe ŋu mim, eye amesiwo le vlo dom wò la, ƒe vlodoame va dzinye.


Ke ne wole dɔ lém la, nyea metaa akpanya, metsɔa nutsitsidɔ wɔa funyafunya nye luʋɔ, eye nye gbedodoɖa ɖoa ta nye akɔme,


Eye esi wotia amegãwo na wo le ha sia ha me la, wodo gbe ɖa kple nutsitsiɖɔ, eye wotso wo ɖe Aƒetɔ, si dzi woxɔ se la, si me.


Eye ne miele gbe dom ɖa la, migano abe alakpatɔwo ene o; elabena wolɔ̃a gbedodoɖa le tsitrenu le ƒuƒoƒewo kple ablɔwo ƒe dzogoewo dzi, bena amewo nakpɔ yewo. Vavã mele egblɔm na mi bena: Woxɔ woƒe fetu yi xoxo.


Eyaŋuti ne ena nu ame la, megana kpẽ naɖi le ŋgɔwò, sigbe alesi alakpatɔwo wɔna le woƒe ƒuƒoƒewo kple ablɔwo me, bena amewo nakafu yewo la, ene o. Vava, mele egblɔm na mi bena: Woxɔ woƒe fetu yii xoxo.


Yi ɖaƒo Yudatɔ, siwo katã le Susa la nu ƒu, eye mitsi nu dɔ le tanye, migaɖu nu o, eye migano nu o zã kple keli ŋkeke etɔ̃ sɔŋ; mía kple nye nyɔnudɔlawo hã míatsi nu adɔ alea, eye manɔ alea ayi fia la gbɔ menye le sekɔ la nu o, eye ne meku la, ɖe meku!


Ke Dawid ƒo koko na Mawu le ɖevi la ta, eye Dawid tsi nu da, eye wòtsi anyigba da.


Nye klo zu hehe le nutsitsidɔ ta, eye ami no le lã me nam.


Esi Axab se nya siawo la, edze eƒe awuwo, eye wòta akpanya, etsi nu dɔ, eye wòtsi akpanya me dɔ, eye wòle yiyim kpokpokpo.


le agbagbadzedze kple kutrikuku me; le ŋudɔdɔwo me agbadre, le dɔwuame kple tsikɔwuame me, le nutsitsidɔwo me agbadre, le vuvɔ kple amamanɔnɔ me.


Migagblẽ mia nɔewo ɖi o, negbe ne wo kpakple eve lɔ̃ halase ɣeyiɣia ɖe dzi hafi, bena miakpɔ asinu ado gbe ɖa, eye nusia megbe la miagava awɔ ɖeka, bene Satana nagate mi akpɔ le miaƒe ɖokuidzimaɖumaɖu la ŋuti o.


eye wònye ahosi, si xɔ ƒe blaenyi vɔ ene, eye medzona le mawuƒe la me o hele Mawu subɔm kple nutsitsiɖɔ kpakple kukuɖeɖe zã kple keli.


ɖe miegblɔna be: „Mawusubɔsubɔ la, dzodzroe, viɖe ka wonye be, míeléa eƒe ɖoɖowo me ɖe asi, eye mienɔa ahovɔ me nɔa yiyim le Yehowa Zebaot ŋku me hã oa?


Eƒe dolawo gblɔ nɛ bena: Nuka nye si newɔ? Esi ɖevi la gale agbe la, etsi nu do, eye nefa avi; ke esi ɖevia ku la, ètsi tre, eye nèɖu nua?


le ƒoƒowo me, le gaxɔwo me, le zitɔtɔwo me, le agbagbadzedzewo me, le ŋudɔdɔwo me, le nutsitsidɔwo me,


Eye Kornelio gblɔ be: Egbee nye ŋkeke eneagbe, esi metsi nu ɖo vaseɖe gaƒoƒo sia dzi, eye le gaƒoƒo asiekelia dzi la mele gbe dom ɖa le aƒenye me, eye kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe le tsitre ɖe ŋkunye me le awu, si le dzo dam la me,


Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, ne miagawɔ miaƒe dzɔdzɔenyenyenu le amewo ƒe ŋku me, be woakpɔ o; ne menye nenem o la, fetua ɖeke meli na mi le mia Fofo, si le dziƒowo la, gbɔ o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite