Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 6:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Elabena ne mietsɔ amewo ƒe vodadawo ke wo la, ekema mia Fofo, si le dziƒo la, atsɔe ake miawo hã.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Elabena ne mietsɔ vo siwo amewo da ɖe mia ŋuti la ke wo la, ekema mia Fofo si le dziƒo hã atsɔ ake miawo hã.

Gade chapit la Kopi




Mateo 6:14
12 Referans Kwoze  

Ke mikɔ dome ɖe mia nɔewo ŋu, eye miaƒe dɔme natrɔ ɖe mia nɔewo ŋu, eye mitso ke mia nɔewo, abe alesi Mawu tso ke mi le Kristo me la ene.


Eye ne miele tsitre le gbe ɖom ɖa, eye nyaa ɖe le miaƒe dzi me ɖe amea ɖe ŋu la, mitsɔe kee, bena mia Fofo, si le dziƒowo la, natsɔ miaƒe vodadawo hã ake mi.


eye mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo, ne nyaa ɖe le amea ɖe si ɖe amea ɖe ŋuti la, alesi Kristo hã tsɔ ke mii la, miawo hã miwɔ nenema ke!


Elabena ʋɔnudɔdrɔ̃, si miedrɔ̃ la, eya ke woatso adrɔ̃ ʋɔnu mi; eye dzidzenu, si mietsɔ dzidze la, eya ke woatsɔ adzidze na miawo hã.


Elabena nublanuikpɔkpɔ manɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ me na amesi mèfia nublanuikpɔkpɔa ɖeke o; ke nublanuikpɔkpɔ ƒoa adegbe ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti.


Amesi xe nu to me ɖe ame dahewo ƒe ɣlidodo la, eya hã ado ɣli, eye womesea o.


Eye natsɔ miaƒe vodadawo ake mi, sigbe alesi miawo hã míetsɔna kea amesiwo daa vo ɖe mia ŋuti la ene!


Esia me mawuviwo kple abosamviwo dze ƒã le. Amesiame, si mewɔa nu dzɔdzɔe o, kple amesi ke melɔ̃a nɔvia o la, metso Mawu me o.


Woayra amesiwo le nublanui kpam na amewo la: elabena woawoe woakpɔ nublanui na.


Migadɔ ʋɔnu, eye woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o; migabu fɔ, eye woagabu fɔ mi o, miɖe asi le amewo ŋu, eye woaɖe asi le mia ŋu;


Esi wova Ruben-viwo, Gad-viwo kple Manase-to afã la gbɔ le Gilead-nyigba dzi la, wogblɔ na wo bena:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite