Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 5:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Woayra amesiwo dza le woƒe dzi me la: elabena woawoe akpɔ Mawu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo dza le miaƒe dzi me, elabena miawoe akpɔ Mawu.

Gade chapit la Kopi




Mateo 5:8
25 Referans Kwoze  

Amesi ƒe asi me dza, eye eƒe dzi me kɔ, amesi ƒe luʋɔ media aʋatso yome mɔ o, eye meda alakpa heka atam o ta,


Na mase dzidzɔ kple aseyetsotso, ne nye ƒu, siwo nèŋe la, nagli kple dzidzɔ!


mina miatsɔ dzi nyateƒetɔ ate va le xɔse ƒe kakaɖedzi blibo me, abe amesiwo wòklɔ dzitsinya vɔ̃ ɖa tso woƒe dziwo me, eye wotsɔ tsi zɔzrɔ̃e le na woƒe ŋutilã ene;


Midi ŋutifafa na amewo katã kple kɔkɔenyenye hã yome; elabena amea ɖeke mate ŋu akpɔ Aƒetɔ la, ne nusia mele eŋu o.


Amesi laa dzi dzadza, eye eƒe nuyiwo nyo la, eya xɔlɔ̃e nye fia.


Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu. Miklɔ miaƒe asiwo, mi nuvɔ̃wɔlawo, eye miwɔ miaƒe dziwo kɔkɔe, mi dzimevesusulawo!


Esi mieto Gbɔgbɔ la me wɔ miaƒe luʋɔwo kɔkɔe le toɖoɖo nyateƒe la me hena nɔvilɔlɔ̃, si me alakpa mele o la, eyata milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi dzadzɛ me.


Ke nunya, si tso dziƒo la, gbã la eŋuti kɔna, emegbe la eƒe dɔme fana, efaa tu, elɔna wogbea nya ne, nublanuikpɔkpɔ kple kutsetse nyuiwo yɔe fũ, medea vovo amewo dome o, alakpa mele eme o


Nuwo katã le dzadzɛ na ame dzadzɛwo; ke ame ƒoɖiwo kple dzimaxɔsetɔwo la, naneke mele dzadzɛ na wo o, ke boŋ woƒe tame kple woƒe dzitsinya siaa ƒo ɖi.


Amesi fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o, ewɔa nu dzɔdzɔe, eye wòtoa nyateƒe le eƒe dzi me;


eye mede vovoa ɖeke mía kpli wo dome o, le esime wòklɔ woƒe dziwo me to xɔse me.


Asaf ƒe ha. Nyateƒee, Mawu ƒe dɔme nyo ɖe Israel ŋu, de amesiwo ƒe dzi dza la ŋu.


geɖe aleke wu Kristo, amesi to Gbɔgbɔ mavɔ la me tsɔ eɖokui na Mawu abe vɔsasa mokaka manɔŋutɔ ene la, ƒe ʋu maklɔ miaƒe dzitsinya tso dɔwɔwɔ kukuwo me, bena miasubɔ Mawu gbagbe la o mahã?


Azɔ la esi ŋugbedodo siawo le mía si la, lɔlɔ̃tɔwo, mina míakɔ mia ɖokui ŋuti tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me, bena míawu kɔkɔenyenye nu le mawuvɔvɔ̃ me.


Wò dɔme nyo ɖe dɔmenyotɔ la ŋu, eye fɔɖiɖi mele ŋuwò ɖe ame maɖifɔ la ŋu o.


Elabena azɔ la míekpɔa nu le ahũhɔ̃e me le abebubu me, ke emegbe la ŋku me kple ŋku me; azɔ la medze si nu afã kple afã, ke emegbe la madze si nu keŋ, abe alesi wodze sim keŋ la ene.


eye woakpɔ eƒe ŋku me, eye eƒe ŋkɔ anɔ woƒe ŋgowonu.


Tete Yakob biae bena: Meɖe kuku, yɔ wò ŋkɔ nam! Eɖo ŋu bena: Nukaŋuti gɔ̃ nèle nye ŋkɔ ta biam? Eye wòyrae lé afima.


Wò ɖeka ɖeɖe ko ŋuti mewɔ nuvɔ̃ ɖo, eye nusi nye vɔ̃ le ŋkuwò me la, mewɔ, ne tɔwò nadzɔ le wò nuƒoƒo me, eye ŋuwò nadza le wò ʋɔnudɔdrɔ̃ me.


Edzana le amesi dzana gbɔ, ke èvlona ɖe amesi vlona ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite