Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 5:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Woayra amesiwo dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le wo wum ta; elabena woawoe aɖi ƒo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo wum dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le la, elabena miawoe aɖi ƒo.

Gade chapit la Kopi




Mateo 5:6
29 Referans Kwoze  

ke amesi ke lano tsi, si nye manae ƒe ɖe la, tsikɔ megale eya wu ge akpɔ o vaseɖe mavɔmavɔ me; elabena tsi, si nye manae la, latrɔ azu tsivudo le eme, esi anɔ dzidzim ayi ɖe agbe mavɔ me.


Elabena ena luʋɔ tsikɔwuwo ɖi kɔ, eye wòtsɔ nu nyui di ƒo na luʋɔ dɔwuiwo.


Midze agbagba, menye ɖe nuɖuɖu, si gblẽna ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu, si anɔ anyi hena agbe mavɔ la ta, esi Amegbetɔvi la lana mi; elabena nenem me la ŋu Mawu Fofo la de dzesi!.


Ewɔa amesiwo vɔ̃nɛ la, ƒe didi dzi na wo, esea woƒe ɣli, eye wòxɔna na wo.


Ke le ŋkeke mamletɔ, si nye ŋkekenyuie gatɔ dzi la, Yesu le tsitre, eye wòdo ɣli gblɔ bena: Ne tsikɔ le amea ɖe wum la, neva gbɔnye, eye wòano tsi.


Dɔ megale wo wu ge akpɔ o, eye tsikɔ hã megale wo wu ge akpɔ o, eye ɣe kple ŋdɔkutsu megale wo du ge o;


Woayra mi, amesiwo dɔ le mia wum azɔ la, elabena míaɖi ƒo. Woayra mi, amesiwo le avi fam azɔ la, elabena miako nu.


Elabena maƒo tsi ɖe kuɖinyigba dzi kple tɔʋu wo ɖe anyigba ƒuƒu dzi. Matrɔ nye gbɔgbɔ akɔ ɖe viwòwo dzi kple nye yayra ɖe wò dzidzimeviwo dzi,


Eya dɔwuitɔwo kple nu nyuiwo, eye kesinɔtɔwo la eɖo wo ɖa ƒuƒlu.


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, nye dɔlawo aɖu nu, ke miawo la, dɔ awu mi; kpɔ ɖa, nye dɔlawo ano nu, ke miawo la, tsikɔ awu mi; kpɔ ɖa, nye dɔlawo akpɔ dzidzɔ, ke miawo la, ŋu akpe mi.


Míaƒe vodadawo ɖo kpo ɖe mía dzi: ke ètsɔ míaƒe dzidadawo ke.


Eye Yehowa Zebaot atsɔ nuɖuɖu damiwo kple wein, siwo ɖo ƒã la, atu aglo na dukɔwo katã ɖe to sia dzi; nuɖuɖuawo da ami, eye ƒuto me mi le wo me, weinawo ɖo ƒã, eye wo me dza.


Yehowa Zebaot, wò nɔƒewo sɔe nam loo!


Baba na mi, amesiwo ƒe ƒodo yɔ; elabena dɔ awu mi. Baba na mi amesiwo le nu kom azɔ la, elabena miafa konyi, eye miafa avi.


Ame dahewo kple hiãtɔwo, siwo le tsi dim, ke ɖeke meli o, eye woƒe aɖe ƒu le tsikɔwuame ta la, nye Yehowa makpe ɖe wo ŋu, nye Israel ƒe Mawu, nyemagblẽ wo ɖi o.


Ekema makafu wò le nye agbe me katã, eye mawu nye asiwo dzi le wò ŋkɔ me.


Ke nye la makpɔ wò mo le dzɔdzɔenyenye me, eye ne menyɔ la, wò nɔnɔme aɖi ƒo nam.


Nɔvinyenyɔnu, nye ŋugbetɔ, meva nye abɔ me, meke nye mire kple atike ʋeʋẽewo, menyi nye anyixe kple anyitsi, meno nye wein kple nye notsi. Xɔ̃nyewo, miɖu nu, miano nu, nye lɔlɔ̃tɔwo, mino aha mu!


Ne miano eƒe akɔfafa ƒe no, woadi kɔ na mi, eye míakplɔ eƒe atsyɔ̃ɖoɖo ƒe nu gbogboawo hlohlohlo, miaƒe; dzi nagbɔ ɖe eme.


Nusi sim ame vɔ̃ɖi le la, eyae dzɔna ɖe edzi; ke ame nzɔdzɔewo ƒe didi vaa eme na wo.


Amesi ti dzɔdzɔenywnye kple lɔlɔ̃ yome la, eƒe asi atu agbe, dzɔdzɔenyenye kple bubu.


Elabena mafa dzi na luʋɔ, siwo ŋu nu te, eye maɖi ƒo na luʋɔ, siwo nu ti kɔ na.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite