Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 5:44 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

44 ke nye la mele egblɔm na mi bena: Milɔ̃ miaƒe ketɔwo; miyra amesiwo ƒoa fi ɖea mi, miwo nyui na amesiwo léa mi ɖe ke me; mido gbe ɖa ɖe amesiwo ƒoa ɖi mi la ta; eye mido gbe ɖa ɖe amesiwo le mia yome tim la ta,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

44 Ke nye la, mele egblɔm na mi bena, milɔ̃ miaƒe futɔwo, eye mido gbe ɖa ɖe ame siwo tia mia yome la ta,

Gade chapit la Kopi




Mateo 5:44
21 Referans Kwoze  

Miyra amesiwo ɖa mia yome la, miyra, eye migaƒo fi de o!


Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe alo dzudzu dzudzu teƒe o; ke esia teƒe la miyra boŋ; elabena esia ta woyɔ mi vɛ ɖo, be mianyi yayra ƒe dome.


Eye Yesu gblɔ bena: Fofo, tsɔe ke wo, elabena womenya nusi wɔm wole o. Eye esi wòmã eƒe awuwo me la, wodzidze nu ɖe wo dzi.


esime wodzui la, medzu ame ɖe eteƒe o; esime wokpe fu la, meɖo ŋɔdzi na ame o; ke etsɔe ɖe asi na amesi drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe la boŋ.


Edo ŋu bena: Magadza wo o! Ɖe nèbe, yeadza amesiwo metsɔ wò yi kple wò dati de aboyoe o la? Tsɔ abolo kple tsi ɖo wo kɔ me, ne woaɖu nu ano nu, eye wòayi woƒe aƒetɔ gbɔ.


Yehowa, nye Mawu, ne mewɔ nusia, nu tovo le ɖe asi ŋu nam,


Esi Dawid wu nuƒoƒo na Saul nu vɔ la, Saul gblɔ bena: Vinye Dawid, wò gbee nye esia? Eye Saul fa avi kple ɣli


Amesi gbee dzi blewu la, nunyalae, eye bubu wonye nɛ, nenye be, eɖe kɔ ɖa le dzidada ŋu.


Se yeye mena mi bena, mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene, bena miawo hã mialɔ̃ mia nɔewo nenema ke.


Mikpɔ nyuie bena, amea ɖeke nagaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o, ke boŋ miti nyuididi na mia nɔewo kple amewo katã yome ɖaasi.


Ke Paulo do ɣli kple gbe sesẽ gblɔ bena: Megawɔ vɔ̃a ɖeke ɖokuiwò o, elabena mí katã miele afi!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite