Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 5:42 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

42 Na nu amesi le nu biawòm, eye amesi le didim be, yeaɣe nu le asiwò la, megatrɔ dzo le egbe o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

42 Na nu ame si le nu biam wò la, eye mègatrɔ megbe de ame si le didim be yeado nu le asiwò la o.

Gade chapit la Kopi




Mateo 5:42
26 Referans Kwoze  

Amesi ve ame dahe nu la, edo nugbana na Yehowa, eye wòaɖo eƒe nuwɔwɔ teƒe nɛ.


Ke migaŋlɔ dɔmenyowɔwɔ kple hamenunana be o; elabena nenem vɔsa siawo dzea Mawu ŋu.


Ame vɔ̃ɖi la doa nugbana, eye mexenɛ o; ke ame dzɔdzɔe la vea ame nu, eye wonae nu ame.


Eyata ne do le wò futɔ wum la, na nuduɖui, ne tsikɔ le ewum la, na tsii; elabena ne èwɔ esia la, àƒo dzoka xɔxɔwo nu ƒu ɖe eƒe ta dzi.


exɔ edzi gblɔ bena: Ɖe menye esia nye Babel ga, si metsɔ nye ŋusẽ triakɔ la tsoe, ne wòanye fia nɔƒe kple nye atsyɔ̃ ƒe bubu oa?


Ƒã wò nukuwo le ŋdi, eye megadzudzɔ le ɣetrɔ me o; elabena mènya kae le wɔwɔ ge o, eɖanye asi alo ekeme alo woa kple eve lae le nyonyo ge o.


Elabena Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lalã, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta, le esime miesubɔ ame kɔkɔewo, eye miegale edzi le wo subɔm lã be o.


Mawusubɔsubɔ, si ŋuti kɔ, eye ɖiƒoƒoa ɖeke mele eŋu le Mawu Fofo la ŋku me o la, enye si bene, woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ta le woƒe xaxa me, eye woadzra ame ɖokui ɖo ɖi maƒomaƒoe tso xexeame.


Gake mietsɔ nusiwo le eme la, wɔ nunana na ame dahewo, eye kpɔ ɖa, nuwo katã le dzadze na mi.


Wole nu dim gbawotsyogbe; ke ame dzɔdzɔe la naa nu, eye metea ame o.


eye amesi ke azi dzi wò be, nazɔ kplii gaƒoƒo ɖeka la, zɔ eve kplii.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite