Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 5:35 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

35 eɖanye anyigba o, elabena eƒe afɔɖodzinue; eɖanye Yerusalem o, elabena ɖia gã la ƒe ɖue.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

35 Eye ne èta Anyigba la, edze agɔ ake, elabena anyigbae nye eƒe afɔɖodzinu. Nenema ke migagblɔ be meta ‘Yerusalem’ hã o, elabena Yerusalem nye Fiagã la ƒe du.

Gade chapit la Kopi




Mateo 5:35
10 Referans Kwoze  

Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu le mía Mawu ƒe du la me kple eƒe to kɔkɔe la dzi.


Eye wòkplɔm yi to kɔkɔ gãa ɖe dzi le gbɔgbɔ me, eye woɖe du kɔkɔe, Yerusalem, si le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ la liam,


Aɖl ameflula la ŋu kpekpekpe, nenye be, lãtsu le eƒe lãha me, eye wode adzɔgbe hetsɔ la nuwɔe wu na Aƒetɔ la! Elabena ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Fia gã menye, eye ŋɔdzi le nye ŋkɔ ŋu le dukɔwo dome.


ke metia Yerusalem, be nye ŋkɔ nanɔ afima, kple Dawid, be wòanɔ nye dukɔ Israel nu.


Eye mekpe du kɔkɔe, tsi nye Yerusalem yeye la, le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ, eye wodzrae ɖo abe ŋugbetɔ, si wɔwɔ leke na hena srɔ̃a ene.


Mido Yehowa, mía Mawu la, de dzi, eye mide ta agu ɖe eƒe afɔɖodzinu ŋgɔ! Eyama le kɔkɔe.


Yehowa lɔ̃a Zion ƒe agbowo wu nɔƒewo katã le Yakob.


Ale Yehowa gblɔ esi: Dziƒo enye nye fiazikpui, eye anyigba enye nye afɔɖodzinu. Xɔ ka ƒomevie miehe, yewoatu nam, eye teƒe ka anye nye gbɔɖemeƒe?


Megatà wò ta hã o; elabena màte ŋu awɔ taɖa ɖeka ɣie alo yibɔ o.


„Dziƒo enye nye fiazikpui, eye anyigba enye nye afɔɖodzinu; xɔ ka ƒomevi lu ge míala nama? Aƒetɔ la gblɔe, alo afikae nye dzudzɔƒe nama?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite