Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 5:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Vava mele egblɔm na wò bena: Màdo go le afima gbeɖe o, vaseɖe esime naxe agaga mlɔetɔ hafi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 Le nyateƒe me la, womaɖe asi le ŋuwò o, va se ɖe esime nàxe fe ɖe sia ɖe si nènyi la, eye pesewa afã hã masusɔ o.”

Gade chapit la Kopi




Mateo 5:26
10 Referans Kwoze  

Eye eƒe aƒetɔ la do dɔmedzoe, ɖee asi na ŋutasẽlawo, halase esime wòaxe fe, siwo katã wònyi la.


Mele egblɔm na wò bena: Màdo go le afima o, vaseɖe esime naxe ho mlɔetɔ.


Elabena nublanuikpɔkpɔ manɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ me na amesi mèfia nublanuikpɔkpɔa ɖeke o; ke nublanuikpɔkpɔ ƒoa adegbe ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti.


amesiwo akpɔ fetu vɔ̃, si nye gbegblẽ mavɔmavɔ la, tso Aƒetɔ ƒe ŋku me kple eƒe ŋusẽ ƒe ŋutikɔkɔe la gbɔ,


Eye kpe ɖe nusiawo katã ŋuti la ʋe gãa ɖe le mia kple miawo dome, ale bena, ne amewo le didim be, woatso afii ayi mia gbɔ la, womate ŋui o, eye afimatɔwo hã mate ŋu ava mia gbɔ o.


Eye woawo la wòayi ɖe fukpekpe mavɔ la me, ke ame dzɔdzɔewo la wòayi ɖe agbe mavɔ la me.


Tete wòagblɔ na amesiwo le mia me la hã bena: Mite ɖa tso gbɔnye, mi amesiwo woƒo fi de; miyi ɖe dzo mavɔ, si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me!


Alo wometsɔa atsutsurɔe eve ƒlena xɔa hotsui ewo oa? Eye ne menye mia Fofo ƒe lɔlɔ̃nu o la, wo dometɔa ɖeke mele dzedze ge ɖe anyigba o;


Eye ahosi dahea ɖe va tsɔ lepta eve da ɖe eme, siwo ƒe home enye hoka eve.


Elabena ne mia kple wò ketɔ miele fia ƒe ŋku me yim la, dze agbagba le mo dzi be, naɖe ɖokuiwò le esi me; ne menye nenem o la, ahe wò ayi ʋɔnudrɔ̃la gbɔ, eye ʋɔnudrɔ̃la aɖe wò asi na atikplɔtɔ, eye atikplɔtɔ la ade wò gaxɔ me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite