Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 5:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Eyaŋuti ne etsɔ wò nunana va da ɖe vɔsamlekpuia dzi, eye nèɖo ŋui le afima bena, nyaa ɖe le nɔviwò ƒe dzi me ɖe ŋutiwò la,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 “Ne èle gbedoxɔ me le vɔsamlekpui ŋgɔ le vɔ sam na Mawu, eye nèɖo ŋku edzi be dzre aɖe le mi kple nɔviwò aɖe dome la,

Gade chapit la Kopi




Mateo 5:23
17 Referans Kwoze  

Eye ne miele tsitre le gbe ɖom ɖa, eye nyaa ɖe le miaƒe dzi me ɖe amea ɖe ŋu la, mitsɔe kee, bena mia Fofo, si le dziƒowo la, natsɔ miaƒe vodadawo hã ake mi.


gblẽ wò nunana la ɖe afima le vɔsamlekpuia ŋgɔ, eye nayi aɖadzra mia kple nɔviwò dome do gbãgbiagbã, hafi nava tsɔ wò nunana la vae.


Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, megagblɔe na amea ɖeke o; ke heyi ɖatsɔ ɖokuiwò fia mawununɔla boŋ, eye natsɔ nunana, si Mose ɖo anyi la, ana, ne wòanye ɖaseɖiɖi na wo.


Ŋkuagbãtɔwo, kae lolo wu, nunana loo alo vɔsamlekpui, si na nunana la ŋuti kɔna, mahã?


Eye Zaxeo tsi tre gblɔ na Aƒetɔ la bena: Kpɔ ɖa, Aƒetɔ, metsɔ nye nuwo ƒe afã na ame dahewo, eye ne medzɔ nu le amea ɖe si dzro la, meɖoa eteƒe ne zi ene.


Elabena lɔlɔ ƒe nu dze ŋunyie vu akpeɖavɔsa, eye sidzedze Mawu dze ŋunye wu numevɔsa.


Tete Samuel gblɔ bena: A, numevɔsawo kple akpedavɔsawoe dzea Yehowa ŋu wu toɖoɖo Yehowa ƒe gbea? Kpɔ ɖa, toɖoɖo nyo wu vɔsa, eye nusese nyo wu agbo ƒe ami


Ɖo ŋui, nagaɖo ŋui ɖe dzi be, nye luʋɔ xa gobaa le menye.


Eye fia la gblɔ na Simei be: Wò ŋutɔ ènya vɔ, siwo katã nèwɔ ɖe fofonye Dawid ŋu, eye wò dzi nyae. Yehowa agbugbɔ wò vɔ̃ɖivɔ̃ɖi la ava wò ta dzi.


ne naɖo ŋui, ŋukpe nalé wò, eye wò nu nade ga le ŋukpe ta, nenye be, metsɔ nusiwo katã nèwɔ la, ke wò, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!


Tete ahakulawo ƒe amegã ƒo nu kple Farao gblɔ bena: Egbe la meɖo ŋku nye vodada dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite