Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 5:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Elabena mele egblɔm na mi bena: Ne miaƒe dzɔdzɔenyenye la maƒo agbalẽfialawo kple farisitɔwo tɔ ta sa o la, ekema miele yiyi ge ɖe dziƒofiaɖuƒe la me akpɔ o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

20 Mele nu xlɔ̃m mi be, ne miaƒe dzɔdzɔnyenye meƒo Farisitɔwo kple Yudatɔwo ƒe sefialawo tɔ ta sãa o la, miawo hã miate ŋu age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me gbeɖe o!”

Gade chapit la Kopi




Mateo 5:20
24 Referans Kwoze  

eye woakpɔm le eyama me, bena nye ŋutɔ nye dzɔdzɔenyenye, si tso sea me la, naganɔ asinye o, ke boŋ esi to Kristo dzixɔse me, dzɔdzɔenyenye, si tso Mawu gbɔ le dzixɔse ta la nana asinye,


Midi ŋutifafa na amewo katã kple kɔkɔenyenye hã yome; elabena amea ɖeke mate ŋu akpɔ Aƒetɔ la, ne nusia mele eŋu o.


Eyata ne amea ɖe le Kristo me la, eya nye nuwɔwɔ yeye: Xoxotɔ la nu va yi, kpɔ ɖa, nuwo katã zu yeye!


Menye amesiame, si le gbɔgblɔm nam bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o, negbe amesi le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe.


Eye nusianu, si nye nu makɔmakɔ kple amesiwo wɔa ŋunyɔnuwo, eye wokaa aʋatso la, womele yiyi ge ɖe eme o, negbe amesiwo woŋlɔ ɖe Alẽvi la ƒe agbegbalẽa me la koe.


Vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi ke mexɔ mawufiaɖuƒe la abe ɖevi ene o la, mele eme yi ge o.


Esi ameha, si ƒe xexlẽme ade akpeakpewo, va ƒo ƒu ale bena, wole afɔ ɖom wo nɔewo dzi la, ede asi gbɔgblɔ me na eƒe nusrɔ̃lawo gbã bena: Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le farisitɔwo ƒe amɔwɔ ʋaʋã, si nye alakpadada la, ŋuti.


Baba na mi! Elabena miele abe yɔdo, siwo mele dzedzem o ene, eye amesiwo le wo dzi zɔm la, womenyɛ o.


Ele bɔbɔe na kposɔ be, wòato abi ƒe vo me, wu alesi kesinɔtɔwo nayi ɖe mawufiaɖuƒe la mee.


Vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi ke mexɔ mawufiaɖuƒe la abe ɖevi ene o la, mele eme yi ge o.


Eye amesi ke laxɔ nenem ɖevi sia tɔgbe ɖeka le nye ŋkɔa dzi la, nyee wòxɔ;


Ke azɔ la wotsɔ fia ɖo atiwo ƒe ke dzi gã hã xoxo. Ati sia ati, si metsea ku nyui o la, wolãnɛ, eye wotsɔnɛ dea dzo me.


Tete wodze sii bena, menye ɖe wògblɔ bena, yewoakpɔ yewo ɖokui dzi nyuie le farisitɔwo kple zadukitɔwo ƒe amɔwɔ ʋaʋã la ŋuti o, negbe le farisitɔwo kple zadukitɔwo ƒe nufiafia la ŋuti boŋ.


Elabena ne ŋutikɔkɔe li na fɔbubu ƒe subɔsubɔdɔ la, ekema dzɔdzɔenyenye ƒe subɔsubɔdɔ gbã go geɖe wu le ŋutikɔkɔe me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite