Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 5:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eye womesia akaɖi hã dana ɖe afianu te o, ke ɖe akaɖiti dzi boŋ, eye wòaklẽ na amesiwo katã le aƒea me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Ame aɖeke medraa akaɖi tsɔ dea afianu te o, ke boŋ ɖe akaɖiti dzi, be wòaklẽ na aƒea me nɔla ɖe sia ɖe.

Gade chapit la Kopi




Mateo 5:15
10 Referans Kwoze  

Eye wògblɔ na wo bena: Ɖe wotsɔa akaɖi vanae, be woada ɖe afianu alo abati te mahã? Alo menye be woatsɔe ada ɖe akaɖiti dzi oa?


Eye amea ɖeke mesia akaɖi dana ɖe ɣaɣlaƒe alo afianu te o, ke ɖe akaɖiti dzi boŋ, bena amesiwo le yiyim ɖe eme la, nakpɔ kekeli.


Ke amea ɖeke mesia akaɖi ɣlana ɖe ze te alo tsɔnɛ dana ɖe abati te o, ke boŋ wotsɔnɛ dana ɖe akaɖiti dzi, bena amesiwo ge ɖe eme la, nakpɔ keklẽ.


Ƒo nu kple Aron, eye nagblɔ nɛ bena: Ne èɖo akaɖigbɛawo ati dzi la, ekema akaɖigbɛ adreawo nabi aɖo ta ŋgɔ.


Emegbe nawɔ akaɖigbɛ adre ada ɖe wo dzi, eye woabi aɖo ta ŋgɔ.


Eye wògblɔ nam bena: Nuka kpɔm nèlé? Meɖo ŋu bena: Mele akaɖitia ɖe, si wolsɔ sika ɖeɖe wɔe la kpɔm; aminu le eta me, eye akaɖlgbɛ adre le eŋu, eye alɔ adre, siwo me to le la, le aka-ɖlgbɛawo ŋu.


Azɔ, ne wò ŋutilã blibo la me klẽ, eye afia ɖeke medo viviti o la, eme; blibo la katã laklẽ, abe alesi akaɖi kple eƒe keklẽ klẽna na wò ene.


bena miazu mokaka manɔŋutɔwo kple ame dzadzɛwo, mawuvi, siwo nye ame maɖifɔwo le dzidzime gɔglɔ̃ totro kpaɖikpaɖi titina, amesiwo dome mieklẽna le abe akaɖiwo ene le xexeame,


Elabena wotu agbadɔ ŋgɔgbetɔ, si me akaɖiti kple kplɔ̃ kple ŋkumeɖobolo nɔna, si woyɔna be kɔkɔeƒe.


Eyata ɖo ŋku afisi nège tso la dzi, ne natrɔ le dzi me, eye nawɔ gbã dɔwɔwɔawo; ne menye nenem o la, mava gbɔwò kaba, eye maɖe wò akaɖiti la ɖa tso enɔƒe, ne mètrɔ le wò dzi me o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite