Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 5:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Miawoe nye xexeame ƒe kekeli Du, si le to dzi la, womate ŋu aɣlae o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 “Miawoe nye xexea me ƒe kekeli. Womate ŋu aɣla du si le to dzi la o.

Gade chapit la Kopi




Mateo 5:14
16 Referans Kwoze  

bena miazu mokaka manɔŋutɔwo kple ame dzadzɛwo, mawuvi, siwo nye ame maɖifɔwo le dzidzime gɔglɔ̃ totro kpaɖikpaɖi titina, amesiwo dome mieklẽna le abe akaɖiwo ene le xexeame,


Azɔ Yesu gaƒo nu na wo gblɔ bena: Nyee nye xexeame ƒe kekeli la; amesi ke dzea yonyeme la, mele viviti la me zɔ ge akpɔ o, ke boŋ agbe la ƒe kekeli anɔ esi.


elabena mi katã míenye kekeli viwo kple ŋkeke viwo; míenye zã alo viviti ta o.


Ame dzɔdzɔe ƒe toƒe le abe agudzedze ƒe kekeli, si nua kɔkɔm ɖe dzi, vaseɖe esime ŋu kena keŋ ene.


Esi kekeli la le mia gbɔ la, mixɔ kekeli la dzi se, bena míazu kekeli ƒe viwo Nusiawo Yesu gblɔ, eye wòdzo yi ɖaɣla eɖokui ete wo.


Migazu amesiwo atsɔ kɔkuti tutɔ na dzimaxɔsetɔwo ti o! Elabena hadede kae le dzɔdzɔenyenye kple sedzimawɔmawɔ dome? Alo ƒomedodo kae le kekeli kple viviti dome?


Eyama enye akaɖi, si le bibim, eye wòle keklẽm; ke miawo la miedi be, yewoakpɔ dzidzɔ gaƒoƒo ɖeka le eƒe keklẽ la me.


Ɣletivi adre, siwo nèkpɔ le nye nuɖusi me kple sikakaɖiti adre la ƒe nya ɣaɣla enye si: Ɣletivi adreawoe nye hame adreawo ƒe dɔlawo, eye akaɖiti adreawoe nye hame adreawo.


Esi mele xexeame la, xexeame ƒe kekeli menye.


Eyata ɖo ŋku afisi nège tso la dzi, ne natrɔ le dzi me, eye nawɔ gbã dɔwɔwɔawo; ne menye nenem o la, mava gbɔwò kaba, eye maɖe wò akaɖiti la ɖa tso enɔƒe, ne mètrɔ le wò dzi me o.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Nyee tsɔ Yerusalem sia ɖo dukɔwo dome, eye anyigbawo ɖe to ɖee godoo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite