Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 5:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Woayra mi, ne woadzu mi, eye woati mia yome, eye woaka aʋatso agblɔ nya vɔ̃ bubu ƒomeviwo katã ɖe mia ŋuti le tanye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Dzi nedzɔ mi nenye be amewo dzu mi, ti mia yome, da alakpa ɖe mia si hegblɔ nya vɔ̃ bubuwo ɖe mia ŋuti le tanye.

Gade chapit la Kopi




Mateo 5:11
32 Referans Kwoze  

Ne wodzu mi le Kristo ƒe ŋkɔ ta la, woayra mi, elabena ŋutikɔkɔe kple Mawu ƒe Gbɔgbɔ la va dzudzɔ ɖe mia dzi; ame mawo gbɔ la wogblɔ busunya ɖe eŋuti, ke mia gbɔ la wokɔ eŋuti.


Eye amewo katã woalé fu mi le nye ŋkɔ la ŋuti.


Eye amewo katã wòalé fu mi le nye ŋkɔ la ŋuti; ke amesi ado dzi vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe.


Le ŋkeke ma me woaɖe mi asi na fukpekpe, eye woawu mi, eye dukɔwo katã woalé fu mi le nye ŋkɔ ŋuti.


Woayra mi, ne amewo alé fu mi, eye woaɖe mi le woƒe ha me, eye woadzu mi, eye woatso miaƒe ŋkɔ aƒu gbe abe vɔ̃ ene le Amegbetɔvi la ta.


esime wodzui la, medzu ame ɖe eteƒe o; esime wokpe fu la, meɖo ŋɔdzi na ame o; ke etsɔe ɖe asi na amesi drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe la boŋ.


Ke woawo esiawo katã ɖe mia ŋuti le nye ŋkɔ la ta, elabena womenya amesi dom ɖa la o.


Eye wo katã woalé mi ɖe ke me le nye ŋkɔ la ŋuti; ke amesi ke ado dzi vevie vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe.


Mi amesiwo vɔ̃a Yehowa ƒe nya la, mise eƒe nya la! Mia nɔvi, siwo lé fu mi, eye wonyã mi ɖa le nye ŋkɔ ta hele gbɔgblɔm be: „Yehowa nede bubu eɖokui ŋu, ne míakpɔ miaƒe dzidzɔ“ la, ŋukpe alé wo.


Amesi ke ɖe eƒe agbe la, eya labui; eye amesi ke bu eƒe agbe le tanye la, eya lakpɔe.


eye nèɖo dzi, eye nèdze agbagba le nye ŋkɔa ŋuti, eye ɖeɖi metea ŋuwò o.


Eye amesiame, si ke gblẽ nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo fofo alo dada alo srɔ̃ alo viwo alo abɔwo alo xɔwo ɖi le nye ŋkɔ ŋuti la, elaxɔ teƒeɖoɖo geɖe, eye anyi agbe mavɔ dome.


Elabena ɣeawokatãyi me wotsɔ mi, amesiwo le agbe la, de asi na ku le Yesu ŋuti, bene Yesu ƒe agbe nado ɖe mía ŋutilã, si nye nu kuku la me.


Míenye bometsilawo le Kristo ŋuti, ke miawo la nunyalawo míenye le Kristo me; miawo la miegbɔdzɔna, ke miawo la miesẽa ŋu; wobua mi, ke miawo la woɖoa vlo mi.


Abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Ŋutiwò la wowua mí ʋuu le ŋkeke bliboa katã me, wobua mí abe alẽ, siwo woyina wuwu ge la ene.“


Ke le nusiawo katã ŋgɔ la woaɖo woƒe asiwo mia dzi, eye woati mia yome, akplɔ mi ayi ɖe ƒuƒoƒewo kple gaxɔwo me, be woade mi asi na fiawo kple mɔ̃mefiawo le nye ŋkɔ la ŋuti.


Elabena amesi ke ɖi bena, yeaɖe yeƒe agbe la, atsrɔe, ke amesi ke atsrɔ̃ eƒe agbe le tanye la, aɖee.


Elabena amesi ke di be, yeade yeƒe agbe la, atsrɔ̃e; ke amesi atsrɔ̃ eƒe agbe le nye kple nyanyuie la ŋuti la, aɖee.


Esɔ gbɔ na nusrɔ̃la, ne woazu abe eƒe nufiala ene, kple subɔla abe eƒe aƒetɔ ene. Ne woyi aƒetɔ la be Beelzebul la, aleke woahayɔ eƒe aƒemetɔwo a wui?


elabena nye la mafiae alesi wòle nɛ be, wòakpe fu geɖe le nye ŋkɔ la ŋuti.


enye ne mía Mawu madi egɔme oa? Elabena enya dzi me gogloeaƒe ke.


Ke miawo la mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie; elabena woade mi asi na ʋɔnudrɔ̃lawo, eye woaƒo mi le ƒuƒoƒewo; eye míatsi tre ɖe mɔ̃mefiawo kple fiawo ŋku me le tanye, be wòanye ɖaseɖiɖi na wo.


Eye amesiwo le eŋuti tom le yiyim la, do ɖiŋu nɛ de ta ʋuʋum,


eye ke meli na wo o, eye wonɔa anyi ʋee ko; ke ne fukpekpe kple yometiti va le nya la ŋuti la, enumake wozua nuɖiaɖia na wo.


eye woakplɔ mi ayi ɖe mɔ̃mefiawo kple fiawo ƒe ŋku me le tanye, ne wòanye ɖaseɖiɖi na woa kple trɔ̃subɔlawo.


Eye wodzui gblɔ bena: Wòe nye eyama ƒe nusrɔ̃la, ke miawo la Mose ƒe nusrɔ̃lawo mienye.


Ɖasefo ŋutasẽlawo tsi tre, eye wole nusi nyemenya o la biamem.


Ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwò katã me, eye woaɖe eƒe dɔlawo ƒe ŋukpe ɖa tso anyigba blibo la dzi. Elabena Yehowa ye gblɔe.


Mi amesiwo nyaa dzɔdzɔenyenye, dukɔ, si ƒe dzi me nye se la le, miɖo tom! Migavɔ̃ amegbetɔwo ƒe fewuɖuɖu o, eye woƒe vlodoame megaɖe dzi le mia ƒo o!


Yeremya ɖo ŋu be: Aʋatsoe, nyemebe, mayi Kaldeatɔwo dzi o! Ke Yiriya medo toe o, eye wòlé Yeremya hekplɔe yi amegãwo gbɔe.


elabena eɖi na mi le Kristo ta bena, menye ɖe miexɔ Kristo dzi se ɖeɖeko o, ke boŋ miekpea fu le eta hã;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite