Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 4:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Eye ameha geɖewo dze eyome tso Galilea kple Dekapoli kple Yerusalem, Yudea kpakple Yordan godo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

25 Ameha gã aɖe ŋutɔ dze eyome, eye afi sia afi si wòto ko la, wonɔ eyome kplikplikpli. Ame siawo tso Galilea nuto me, Yerusalem, Dekapoli kple Yudea godoo, ɖewo gɔ̃ hã tso keke Yɔdan tɔsisi la ƒe go evelia dzi ke.

Gade chapit la Kopi




Mateo 4:25
11 Referans Kwoze  

Eye esi wòɖi kpli wo la, etsi tre ɖe gbadzaƒea ɖe, eye eƒe nusrɔ̃lawo ƒe ha gãa ɖe kple amewo ƒe ha gãa ɖe, si tso Yudea katã kple Yerusalem kple Tiro kpakple Sidon-ƒuta la, va be woaɖo toe, eye be woada gbe le yewo ŋu le woƒe dowo me;


Eye wòdzo yi hede asi gbeƒãɖeɖe me nusianu, si Yesu wɔ nɛ la le Dekapoli; eye wo katã wotsi yaa.


Esi wògado go tso Tiro-nutoawo me la, etso Sidon heto Galilea-ƒu la nu heva Dekapoli-nutoawo me ke.


Eye ameha la katã ɖi be, yewoado asi eŋu, elabena ŋusẽ do go tso eme, eye wòda gbe le wo katã ŋu.


Eye esi Sabat ɖo la, ede asi nufiafia me le ƒuƒoƒe la, eye ame geɖe, siwo see la, ƒe nu ku, eye wogblɔ bena: Afika amesia kpɔ nusiawo tsoe, eye nunya ka ƒomevi nye esi wonae mahã, ale be ŋusẽdɔ siawo va ve me to eƒe asi dzi mahã?


Eye ameha geɖewo dze eyome, eye wòda gbe le wo ŋu le afima.


Ke esi Yesu dze si esia la, ete eɖokui ɖa tso afima, eye ameha geɖewo dze eyome, eye wòda gbe le wo katã ŋu,


Eye esi wòɖi tso toa dzi la, ameha geɖewo kplɔe ɖo.


Ke esi wòkpɔ ameha geɖe wo la, elia to la; eye esi wòbɔbɔ nɔ anyi la, eƒe nusrɔlawo te va egbɔ,


„Zebulon-nyigba kple Naftali-nyigba, ƒutamɔ, Yordan godo, trɔ̃subɔlawo ƒe Galilea,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite