Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 4:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Ke esi wòdzo le afima te yi ŋgɔ la, ekpɔ nɔviŋutsu bubu eve, Yakobo, si nye Zebedeo vi, kple nɔvia Yohanes, wole ʋu me kple wo fofo Zebedeo hele woƒe aɣliwo sam, eye wòyɔ wo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 Esi wogazɔ yi ŋgɔ vie ko la, Yesu kpɔ nɔviŋutsu eve siwo ŋkɔwoe nye, Yakobo kple Yohanes kple wo fofo Zebedeo le ʋu me wonɔ woƒe ɖɔ vuvuwo sam. Yesu yɔ nɔviŋutsu eveawo hã be woava dze ye yome.

Gade chapit la Kopi




Mateo 4:21
12 Referans Kwoze  

Yakobo, Zebedeo vi la, kple Yohanes, Yakobo nɔvi la, eye wòna ŋkɔ woawo bena Boanerges, si gɔme enye dziɖegbeviwo;


Apostolo wuieveawo ƒe ŋkɔwo nye esiawo: Gbãtɔ enye Simon, si woyɔna be Petro, kple nɔvia Andrea; Yakobo, Zebedeo vi, kple nɔvia Yohanes:


Eye wòwu Yakobo, Yohanes nɔvi la, kple yi.


Simon Petro kple Toma, si woyɔna be Venɔvi, kple Natanael tso Kana le Galilea kple Zebedeo ƒe viwo kpakple eƒe nusrɔ̃lawo dome ame bubu eve, wole afi ɖeka.


Eye mede mɔ na amea ɖeke be, wòadze eyome o, negbe Petro kple Yakobo kple Yohanes, Yakobo nɔvi la ko.


Eye wotsɔ Petro kple Zebedeo ƒe ŋutsuvi eveawo kpe ɖe eɖokui ŋuti, eye wòde asi nuxaxa me kple dzodzo me nyanyanya.


Le ŋkeke ade megbe la Yesu tsa Petro kple Yakobo kple nɔvia Yohanes kpe ɖe eɖokui ŋuti, eye wòkplɔ wo yi to kɔkɔe ɖe dzi, woawo ɖeɖe.


Enumake wogblẽ asabuawo ɖi, eye wodze eyome.


Enumake wogblẽ ʋu la kple wo fofo ɖi, eye wodze eyome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite