Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 4:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye esi wòtsi nu do ŋkeke blane kple zã hã blane megbe la, do va wui.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Yesu tsi nu dɔ le afi sia ŋkeke blaene kple zã blaene, eye emegbe dɔ wui vevie.

Gade chapit la Kopi




Mateo 4:2
14 Referans Kwoze  

Eye mede ta agu ɖe Yehowa ŋku me abe tsã ene, ŋkeke blane kple zã blane, abolo maɖumaɖu kple tsi manomano le miaƒe nuvɔ̃, siwo katã miewɔ la ta; elabena miewɔ vɔ̃ hedo dziku na Yehowa.


Tete wòtsi tre ɖu nu no nu, eye nuɖuɖu sia do ŋusẽe wòzɔ ŋkeke blane kple zã blane vaseɖe Mawu ƒe to Xoreb gbɔ.


Eye wono Yehowa gbɔ afima ŋkeke blane kple zã blane sɔŋ, abolo maɖumaɖu kple tsi manomanoe. Eye woŋlɔ nubabla ƒe nya ewoawo ɖe kpeawo dzi.


eye Abosam le etem kpɔ ŋkeke blane sɔŋ. Eye meɖu naneke le ŋkeke mawo me o, eye esi ŋkekeawo wu nu la, dɔ wui.


Esi meyi to la dzi, be maxɔ kpeawo, esiwo dzi nusi Yehowa bia kpli mi le la, metsi to la dzi ŋkeke blane kple zã blane abolo maɖumaɖu kple tsi manomano;


Ale mede ta agu na Yehowa, eye metsi nenema ŋkeke blane kple zã blane, le esi Yehowa gblɔ be, yeatsrɔ̃ mi ta.


Eye Mose to alilikpoa me lia to la, eye Mose nɔ toa dzi ŋkeke blane kple zã blane sɔŋ.


eye Yakob ƒe vudo le afima. Eye esi mɔzɔzɔ te ɖeɖi Yesu ŋu la, ebɔbɔ na anyi nenema ke ɖe vudo la to, anɔ gaƒoƒo adelia me.


Eye esi ŋu ke wodo go tso Betania la, dɔ wui.


Mele nyagblɔɖila ɖe ɖo ge na wo tso wo nɔviwo dome abe wò ene, eye wòagblɔ gbe, siwo katã meɖe asi nɛ la, na wo.


Ke esi wògayina ɖe ɖua me le ŋdi me la, do wui.


Elabena dɔ wum, eye miena nuɖuɖum; tsikɔ wum, eye miena tsim; amedzro menye, eye miexɔm medze mia gbɔ.


Elabena da wum, eye miena nuɖuɖum o; tsikɔ wum, eya miena tsim o;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite