Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 4:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Eye wògblɔ na wo bena: Miva nɔ yonyeme, eye mawɔ mi mianye ameɖelawo!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 Yesu yɔ wo gblɔ na wo be, “Miva dze yonyeme ne mawɔ mi amewo ɖelawo.”

Gade chapit la Kopi




Mateo 4:19
17 Referans Kwoze  

Ne amea ɖe ɖi be, yeasubɔm la, nèdze yonyeme; eye afisi nye la mele la, afima nye subɔla hã lano; ne amea ɖe subɔam la, eya Fofo la labu.


Tete Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Ne amea ɖe lɔ̃ bena, yeanɔ yonyeme la, negbe nu le eya ŋutɔ dokui gbɔ, ne woatsɔ eƒe atitsoga la, eye wòadze yonyeme.


Eye wògblɔ na ame bubu bena: Dze yonyeme! Ke eya gblɔ bena: Aƒetɔ, ɖe mɔ nam, be mayi aɖaɖi fofonye hafi.


Yesu gblɔ nɛ bena: Ne medi bena, nenɔ anyi, vaseɖe esime mava la, gbɔwò nya ka wotsɔa? Wò la dze yonyeme!


Esi ŋu gake la, ele didim be, yeayi ɖe Galilea, eye wòkpɔ Filipo; eye Yesu gblɔ nɛ bena: Dze yonyeme.


Eye nusiawo megbe la edo go, eye wòkpɔ nudzɔlaa ɖe, eŋkɔ enye Lewi, le anyinɔƒe le nudzɔƒe, eye wògblɔ nɛ bena: Dze yonyeme.


Eye esi wòto afima yina la, ekpa Lewi, Alfeo vi la, bɔbɔ nɔ anyi le nudzɔƒe, eye wògblɔ nɛ bena: Dze yonyeme! Tete wòtsi tre dze eyome.


Yesu gblɔ nɛ bena: Ne èle didim be, yeazu blibo la, heyi ɖadzra nusiwo le asiwò la, ne natsɔ wo ana ame dahewo, ekema kesinɔnu anɔ dziƒo na wò, eye nava anɔ yonyeme.


Eye esi Yesu to afima yina la, ekpa ŋutsua ɖe, si woyɔna be Mateo, si no anyi le nudzɔƒe, eye wògblɔ nɛ bena: Dze yonyeme! Eye wòtsi tre dze eyome.


Ke Yesu gblɔ nɛ bena: Nɔ yonyeme, eye nana ame kukuwo naɖi woawo ŋutɔwo ƒe ame kukuwo.


Ke anɔ nenem, nyemenye agba na mi o; ke esi menya aɖaŋu ŋutie, melé mi le aɖaŋu me.


Ke esi wòle tsa ɖim le Galilea-ƒua nu la, ekpɔ nɔviŋutsu eve, Simon, si woyɔna be Petro, kple nɔvia Andrea, wole asabu dam ɖe ƒua me: elabena tɔƒodelawo wonye.


Enumake wogblẽ asabuawo ɖi, eye wodze eyome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite