Eye wògblɔ na wo bena: Esiawo nye nye nya, siwo megblɔ na mi, esi megali kpli mi la bena: Ele be, woawu nusiwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo kpakple Psalmowo me le ŋutinye la nu.
Elabena mele egblɔm na mi bena: Ele be, woawu nusia, si woŋlɔ ɖi la nu ɖe ŋunye bena: „Eye wobui ɖe vodalawo dome;“ elabena nusi wogblɔ ɖi le ŋutinye la, le enu wu ge.
eye wònɔ afima vaseɖe Herodes ƒe ku megbe, bena nya, si Aƒetɔ la gblɔ ɖe anyi to nyagblɔɖila dzi la, nava ve me bena: „Keke Egipte ke meyɔ vinye la tsoe.“