Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 4:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye esi woʋu le Nazaret la, eva nɔ Kapernaum, si le ƒua nu le Zebulon kple Naftali-nutowo me,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 ke egadzo le afi sia hã va Kapernaum si te ɖe Galilea ƒua ŋu le Zebulon kple Naftali nutowo me.

Gade chapit la Kopi




Mateo 4:13
17 Referans Kwoze  

Ale wògava Kana le Galilea, afisi wòtrɔ tsi wòzu wein le. Ke fiaŋutimea ɖe li, amesi ƒe vi le dɔ lém le Kapernaum.


Eye wodzo yi ɖe Kapernaum; eye enumake le Sabat-ŋkekea dzi la efia nu le ƒuƒoƒe la.


Eye wò, Kapernaum, alo menye ɖe wokɔ wo ɖe dzi yi ɖatɔ dziŋgɔli me oa? Woate wò ɖe to vaseɖe tsiẽƒe ke; elabena ŋusẽdɔwɔwɔ, siwo wowɔ le mewò la, ɖe wowɔ wo le Sodom la, ne etsi anyi vaseɖe egbegbe.


Nusiawo wògblɔ le ƒuƒoƒe la me, le esime wòle nu fiãm le Kapernaum.


Azɔ esi ameha la kpɔ bena, Yesu alo eƒe nusrɔ̃lawo mele afima o la, woa ŋutɔwo ɖo duwo me, eye wova Kapernaum hele Yesu dim.


eye woɖo ʋu heyina ƒu la godo ɖe Kapernaum. Ke zã do xoxo, eye Yesu meva wo gbɔ haɖe o.


Esia megbe la eya kple dadaa kple nɔviawo kple eƒe nusrɔ̃lawo yi ɖe Kapernaum, eye wono afima ŋkeke geɖewo.


Esi wova Kapernaum la, amesiwo dzaa ga la, va Petro gbɔ, eye wogblɔ bena: Alo miaƒe nuxala ya menaa mawuxɔ me nudzɔdzɔ o mahã?


Eye wògblɔ na wo bena: Míado lo sia nam tsã be: „Gbedala, da gbe ɖokuiwò ŋu!“ Nusiwo miese bena, nèwɔ le Kapernaum la, wɔe le mía ɖe afisia hã.


bena woawu nya, si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila Yesaya dzi la nu bena:


„Zebulon-nyigba kple Naftali-nyigba, ƒutamɔ, Yordan godo, trɔ̃subɔlawo ƒe Galilea,


Eye esi wòɖo ʋu la, etso ƒu la va ye ŋutɔ ƒe dua me.


Eye esi wògayi ɖe Kapernaum le ŋkekea ɖewo megbe la, wose bena, ele aƒea me.


Eye wò, Kapernaum, alo menye ɖe wokɔ wò ɖe dzi yi ɖatɔ dziŋgɔli me oa! Woate wò ɖe to vaseɖe tsiẽƒe ke.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite