Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 3:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 eye migabu ne miagblɔ le mia ɖokui me bena: Abraham enye mia fofo o; elabena mele egblɔm na mi bena: Mawu ate ŋu anyɔ viwo atso keke kpe siawo me ke na Abraham.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Migabui ne mianɔ gbɔgblɔm na mia ɖokuiwo be, ‘Mía fofoe nye Abraham’ o. Mele egblɔm na mi be Mawu ate ŋu ana kpe siawo natrɔ azu viwo na Abraham.

Gade chapit la Kopi




Mateo 3:9
22 Referans Kwoze  

Azɔ mitse ku, siwo dze dzimetɔtrɔ, eye migade asi gbɔgblɔ me le mia ɖokui me bena: Abraham ye nye mía fofo o; elabena mele egblɔm na mi bena: Mawu ate ŋu anyɔ viwo atso kpe siawo me ke na Abraham.


Woɖo ŋu nɛ bena: Abraham ƒomeawo míenye, eye míenye amea ɖeke ƒe kluvi kpɔ o: aleke wɔ nagblɔ bena: Miazu ablɔɖeviwo mahã?


Azɔ nuka gblɔ ge míala be, mía tɔgbui Abraham kpɔ le ŋutilã nua?


Ŋutsuwo, nɔviwò, Abraham ƒomeviwo kple mia dome amesiwo vɔ̃a Mawu la, miawoe wotsɔ xɔxɔnya sia ɖo ɖa.


Eye wòdo ɣli gblɔ bena: Fofo Abraham, ve nunye, eye nadɔ Lazaro ɖa bena woatsɔ eƒe asibidenu ata tsi me, eye wòafa aɖe nam, elabena mele fu kpem le dzo ƒe aɖe sia me.


Ɖe wòa nèwu mia fofo Abraham, si ku la, mahã. Eye nyagblɔɖilawo hã ku! Ameka nèle ɖokuiwò bumii mahã?


Eye esi Yesu dze si woƒe ɖikekewo la, exɔ dzi gblɔ na wo bena: Nuka ɖi kem miele le miaƒe dzi me mahã?


Elabena tso ame ƒe dzi me ke nu vɔ̃ɖi susuwo doa go tsona, matrewɔwɔwo, fififiwo, amewuwuwo,


Amevi, glikpo dzi vi, siwo le Israel-nyigba dzi la, le gbɔgblɔm be: Abraham la eya ɖeka koliae nɔ anyi, ke exɔ anyigba la wònye etɔ, miawo la míesɔ gbɔ, míawoe wotsɔ anyigba la na, be wòanye mia ta.


Simeon xlẽ fia, alesi Mawu kpɔ trɔ̃subɔlawo ɖa gbã, bena yeaxɔ dukɔ tso wo dome hena eƒe ŋkɔ la.


Eye wòxɔ edzi gblɔ na wo bena: Mele egblɔm na mi bena: Ne amesiawo zi kpi la, kpewo ado ɣli.


Ke esi farisitɔ, si kpee la, kpɔ esia la, egblɔ le ye ŋutɔ ɖokui me bena: Ɖe amesia nye nyagblɔɖila la, anya amesi kple amesi ƒomevi nye nyɔnu sia, si le asi dem eŋu; elabena nuvɔ̃wɔla wònye.


eye wobu le eɖokui me bena: Nuka wɔ ge mala? Elabena nyemekpɔ afisi maƒo nye kutsetsewo nu ƒu ɖo o.


Menyae bena, Abraham ƒomea wo mienye; gake miedi be, yewoawum, elabena nye nya la mexɔ dzi na mi o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite