Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 3:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ke Yohanes la ŋutɔ la, kposɔfuwu le eŋu, eye lãgbalẽlidziblanu le eƒe ali dzi; eye eƒe nuɖuɖu enye ʋetsuviwo kple gbemenyitsi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Ke kposɔfu le Yohanes ƒe awu si wòdo la ŋu, eye wòtsɔ lãgbalẽlidziblaka tsɔ bla awua dzii; eƒe nuɖuɖue nye ʋetsuviwo kple gbemenyitsi.

Gade chapit la Kopi




Mateo 3:4
12 Referans Kwoze  

Woɖo ŋu nɛ bena: Ŋutsu la nye fume, eye wòtsɔ lãgbalẽ bla ali dzi. Tete wògblɔ be: Eliya, Tisbitɔe.


Esiwo miekpɔ mɔ aɖu le wo dome la wonye ʋetsuvi tɔgbewo keŋ, siwo nye: ʋetra ƒomeviwo, abɔ ƒomeviwo kple tukɔmitukɔmi ƒomeviwo.


Eye kposɔfuwu le Yohanes ŋu, eye lãgbalẽlidziblanu le eƒe ali dzi, eye woɖua ʋetsuviwo henoa gbemenyitsi.


Alo nuka kpɔ ge miedo go yii? Alo amesi do awu bɔbɔewoa? Kpɔ ɖa, amesiwo do awu bɔbɔewo la, woawoe le fiawo ƒe aƒewo me.


Le ɣemaɣi la ŋu akpe nyagblɔɖilawo dometɔ ɖesiaɖe ɖe eƒe ŋutega ŋu, ne egblɔ nya ɖi, eye womaɖo lãfuwu, be woaflu ame o.


Eye wòanɔ eŋgɔ le Eliya ƒe gbɔgbɔ kple ŋusẽ me be, wòatrɔ fofowo ƒe dziwo ava ɖeviwo gbɔ kple tosẽlawo ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe nunya me, ne wòadzra dukɔ la ɖo ɖi woasu te na Aƒetɔ la.


Eye mana ŋusẽ nye ɖaseɖila eve, bena woagblɔ nya ɖi ŋkeke akpe ɖeka kple alafa eve kple blaade, eye woanɔ akpanya me.


Elabena Yohanes va, meɖua nu o, menoa nu hã o, eye wogblɔ bena: Gbɔgbɔ vɔ̃ le eme.


Ekplɔe, wonyã avuzi le anyigbawo dzi, eye wòna woɖu gbemekutsetsewo. Ena anyitsii tso agakpe la me wono kple amii tso kpekui sesẽwo me.


ɣemaɣi Yehowa ƒo nu to Yesaya, Amoz vi la dzi bena: Yi natu akpanya le ali, eye naɖe atokotawo le wò afɔ. Tete wòwɔ nenema, eye wòɖe ama le afɔ ƒuƒlu le yiyim.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite