Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 3:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Ke Yohanes xe mɔ nɛ gblɔ bena: Nye boŋ wòhiã bena, wò nade mawutsi ta na, eye wòa nèva gbɔnyea?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 gake Yohanes medi be yeade tsi la ta nɛ o, ke boŋ egblɔ nɛ be, “Medze be nye made mawutsi ta na wò o. Nye boŋ wòle be nàde mawutsi ta na.”

Gade chapit la Kopi




Mateo 3:14
16 Referans Kwoze  

Ke esi míenye viwo ŋuti la, Mawu dɔ Via ƒe Gbɔgbɔ, si le ɣli ɖom be; Aba, Fofo la, ɖo ɖe míaƒe dziwo me.


Ke ŋɔŋlɔ la tu nuwo katã nu ɖe nuvɔ̃ te, bene woatsɔ ŋugbedodo la tso Kristo dzixɔxɔse me na amesiwo xɔna sena la.


amesi Mawu ɖe avulénu to xɔse me le eƒe ʋu la me, bene yeaɖe eƒe dzɔdzɔenyenye afia, le esi wòŋe aɖaba ƒu nuvɔ̃, siwo wowɔ tsã la dzi, le esime Mawu ɖo dzi la ŋuti,


elabena wo katã wɔ nuvɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe hiã wo tim,


Elabena tso eƒe agbɔsɔsɔ me la mi katã miexɔ amenuveve ɖe amenuveve dzi.


Eye afika gɔ̃ nusia tso bena, nye Aƒetɔ la dada va gbɔnye mahã?


Le ɣemaɣi me Yesu tso Galilea va Yohanes gbɔ le Yordantɔsisi la to, bena woade mawutsi ta na ye.


Ke Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ bena: Na mɔ azɔ, elabena nenema koe dze mí bena, míawu nu dzɔdzɔewo katã nu. Tete wòɖe mo nɛ.


Nɔviwo, nyemele didim be, miaganyae o bena, meɖo tame edziedzi be, mava mia gbɔ, ke woxe mɔ nam vaseɖe fifi, bene makpɔ kutsetse le mia dome hã, abe alesi mekpɔ le dukɔ bubuwo dome ene.


Eye ame mawo dome geɖeawo zu nunɔlawo, le esi ku gbe bena, woagatsi agbe o la ta;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite