Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 28:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye miyi kaba ɖagblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Etsi tre tso ame kukuwo dome; eye kpɔ ɖa, edze mia ŋgɔ yi Galilea, afima míakpɔe le; kpɔ ɖa, metoe na mi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Azɔ miɖe abla miayi aɖagblɔe na eƒe nusrɔ̃lawo be etsi tsitre tso ame kukuwo dome, eye wòyina ɖe Galilea be miava kpe ye le afi ma. Mixɔ nye gbedeasi sia yi na wo.”

Gade chapit la Kopi




Mateo 28:7
20 Referans Kwoze  

Ke le nye tsitretsitsi megbe la madze mia ŋgɔ ayi Galilea.


Tete Yesu gblɔ na wo bena: Migavɔ̃ o! Miyi ɖaka eta na nɔvinyewo bena, wòayi Galilea, eye afima woakpɔm le.


Ke esiawo megblɔ na mi, bena ne woƒe gaƒoƒo ɖo la, ne miaɖo ŋku wo dzi bena, nyee gblɔe na mi. Ke nyemegblɔ esiawo na mi tso gomedzedzea me o; elabena meli kpli mi.


eye bena woɖii, eye bena wogafɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome le ŋkeke etɔ̃agbe le ŋɔŋlɔ la nu,


Eye azɔ megblɔe na mi, hafi ne wòava ve me bena, ne eva ve me la, ne miaxɔe ase.


eye wogblɔ bena: Aƒetɔ la tsi tre vavã, eye wòɖe eɖokui fia Simon.


Eye woawo hã wodzo yi ɖaka eta na ame mamlewo; gake womexɔ woawo hã dzi se o.


Eya la yi ɖaka eta na amesiwo li kpakplii tsã la, siwo le konyi fam, eye wole avi fam la!


Gake ne metsi tre megbe la, madze mia ŋgɔ ayi Galilea.


Kpɔ ɖa, megblɔe ɖi na mi.


Migblɔe, eye mihee vɛ, woade adaŋu kple wo nɔewo. Ameka na wose nusiawo gbaɖegbe ke, eye wògblɔe tso blema ke? Nye Yehowa ye, eye mawua ɖeke mekpe ɖe ŋunye o!


Ŋɔ megadzi mi o, eye migadzo nyanyanya o! Ɖe nyemena miesee tso gbaɖegbe ke, eye nyemetoe na mi oa? Miawoe nye nye ɖasefowo. Ɖe mawua ɖe li kpe ɖe ŋunyea? Agakpea ɖeke meli o, nyemenya ɖeke o.


Eya megbe la eɖe eɖokui fia nɔvi, siwo wu ame alafa atɔ̃ la zi ɖeka, amesiwo dome geɖeawo le agbe vaseɖe fifi, ke amea ɖewo hã ɖɔ alɔ̃.


Eye wodo go tso yɔdo la me enumake kple vovɔ̃ kpakple dzidzɔ gã, eye woƒu du, bena woaɖaka eta na eƒe nusrɔ̃lawo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite