Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 28:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye kpɔ ɖa, anyigba ʋuʋu ŋutɔ, elabena Aƒetɔ la ƒe dɔla ɖi tso dziƒo va mli kpe la ɖa le yɔdo la nu, eye wòbɔbɔ no edzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Kasia anyigba ʋuʋu sesĩe, elabena mawudɔla aɖe si tso Aƒetɔ la gbɔ la ɖi tso dziƒo va mli kpe gã la ɖa, eye wònɔ anyi ɖe edzi.

Gade chapit la Kopi




Mateo 28:2
12 Referans Kwoze  

Kasia anyigba ʋuʋu ŋuta, ale bena gaxɔa ƒe gliɖoanyiwo nyẽ kpo; eye enumake ʋɔtruawo katã ʋu wo ɖokui, eye ameawo katã ƒe gawo tu.


Eye edze ƒã bena, gã enye mawusosroɖa ƒe nya ɣaɣla la: Mawu ɖe eɖokui fia le ŋutilã me, wotso afia nɛ le Gbɔgbɔ me, eɖe eɖokui fia mawudɔlawo, woɖe gbe ƒãe le trɔ̃subɔlawo dome, woxɔ edzi se le xexeame, woxɔe yi dzi le ŋutikɔkɔe me.


Ke le kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ ƒe ŋdikanya fute la Maria, Magdalatɔ, va yɔdo la gbɔ, eye wòkpɔ bena, woɖe kpe la ɖa le yɔdo la nu.


Eye wotu mawuxɔ, si le dziƒo, eye wokpɔ eƒe nubablaɖaka le eƒe xɔ la me, eye dzikedzowo kple gbeɖiɖiwo kple dziɖegbewo kple anyigbaʋuʋu kple tsikpe gãwo va dzɔ.


Eye wòɖee fia amesiawo bena, menye woa ŋutɔwo ɖokui wosubɔ o, ke boŋ miawo wosubɔ le nusiawo me, nusiwo wogblɔ fia mí azɔ to amesiwo gblɔ nyanyuie fia mi la dzi to Gbɔgbɔ kɔkɔe, si woɖo ɖa tso dziƒo la me, nusiwo me kpɔkpɔ dzro mawudɔlawo hã.


eye wòtsɔe mlɔ ye ŋuta ƒe yɔdo yeye, si wòna woɖe ɖe kpe gbadza me la me; eye esi wòmũ kpe gãa ɖe ɖo yɔdo la nu la, edzo.


Eye wodzo heyi ɖatre kpe la ɖe enu, eye woɖo dzɔlawo afima.


Ke Aƒetɔ ƒe dɔla va ʋu gaxɔa ƒe ʋɔtruawo le zã me, eye wòkplɔ wo do goe gblɔ bena:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite