Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 27:43 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

43 Eɖo dzi ɖe Mawu ŋuti; eya naɖee azɔ, ne elɔ̃nɛ, elabena egblɔ be, Mawuvi yenye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

43 Ebe yexɔ Mawu dzi se; Mawu neɖo kpe eƒe xɔse la dzi ne wòaɖee le atia ŋuti. Alo menye eyae gblɔ be, ‘Mawu ƒe Vi menye’ oa?”

Gade chapit la Kopi




Mateo 27:43
17 Referans Kwoze  

Amesiwo katã kpɔm la, ɖu fewu le ŋunye, woke woƒe nuyiwo, eye woʋuʋu ta gblɔ be:


amesi Fofo la wɔ kɔkɔe, eye wòdɔ ɖo ɖe xexea me la, eyama ŋuti mia wo miele gbɔgblɔm le bena: Ebɔ busu, esi mebena: Mawuvi menye mahã?


Yudatɔwo ɖo eŋu ne bena: Se le mía si, eye le se la nu la edze bena, woaku; elabena etsɔ eɖokui wɔ Mawuvi.


Mia kple Fofonye la ɖekae míele.


eye wole gbɔgblɔm bena: Wò, amesi le mawuxɔ la gbãm gale etum le ŋkeke etɔ̃agbe la, ɖe ɖokuiwò; nenye Mawuvi nènye la, ekema ɖi le atitsoga la ŋuti!


Ale miagblɔ na Yuda-fia Xizkiya enye si: Megana wò Mawu, si ŋu nèle dzi ɖom ɖo la, nanɔ fluwòm, eye nanɔ gbɔgblɔm be, womatsɔ Yerusalem aɖe asi na Asur-fia o.


Migana Xizkiya nano mia blem anɔ gbɔgblɔm be: Yehowa aɖe mi o! De dukɔwo ƒe mawuwo dometɔa ɖe te ŋu ɖe eƒe anyigba tso Asur-fia si mea?


Migana Xizkiya natsɔ Yehowa anɔ dzi ɖem ƒo na mi ahanɔ gbɔgblɔm be: Yehowa aɖe mí vavã, eye womatsɔ du sia ade asi na Asur-fia o.


le gbɔgblɔm be: Mawu gblẽe ɖi, miti eyome, eye milée, elabena xɔnametɔa ɖeke meli o!


Magblɔ na Mawu, nye agakpe, be: Nukaŋuti nèŋlɔm be, eye nukaŋuti maƒo ɖi anɔ yiyim le nye futɔ ƒe teteɖanyi te?


Minɔ ŋukpe dom hiãtɔ ƒe adãŋudede la ko, ke Yehowa nye sitsoƒe nɛ.


Yehowa, aleke nye ketɔwo sɔ gbɔ ale! Ame geɖewo tso ɖe ŋunye.


Ke esi aʋafia la kple amesiwo kpe ɖe eŋuti hele Yesu dzɔm la, kpɔ anyigbaʋuʋu kple nusiwo va dzo la, wovɔ̃ ŋuta hegblɔ bena: Nyateƒe, Mawuvie nye esia!


Eye ameha la le tsi tre le nu kpɔm ɖa. Eye dumegãwo hã ɖo hehe ɖe eta gblɔ bena: Eɖe ame bubuwo, neɖe ye ŋutɔ ɖokui hã, ne esia nye Kristo, Mawu ƒe ame tiatia la.


gblɔ bena: Nenye wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la, ekema ɖe wò ŋutɔ ɖokuiwò.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite