Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 27:40 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

40 eye wole gbɔgblɔm bena: Wò, amesi le mawuxɔ la gbãm gale etum le ŋkeke etɔ̃agbe la, ɖe ɖokuiwò; nenye Mawuvi nènye la, ekema ɖi le atitsoga la ŋuti!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

40 “Ke alee wòle! Àte ŋu agbã gbedoxɔ la, agbugbɔ atui le ŋkeke etɔ̃ megbe. Màte ŋui oa? Ne àte ŋui, eye nènye Mawu ƒe Vi tututu la, ɖe ɖokuiwò le atitsoga la ŋuti!”

Gade chapit la Kopi




Mateo 27:40
13 Referans Kwoze  

Amesia gblɔ bena: Mate ŋu agba mawuxɔ la, eye magatui le ŋkeke etɔ̃agbe.


eye wògblɔ nɛ bena: Nenye Mawuvi nènye la, ekema dzo naɖadze anyigba; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Ade se na eƒe dolawo le ŋutiwò, eye woaxɔ wò ɖe asiwò me, be nagatsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe o.“


Eye tela te ɖe eŋu gblɔ nɛ bena: Nenye Mawuvi nènye la, ekema gblɔ na kpe siawo be, wòatro zu abolo.


Eye anyigbadzinɔlawo lakpɔ dzidzɔ le wo ŋuti, eye woagli kple dzidzɔ, eye woaɖo nunanawo ɖe wo nɔewo; elabena nenem nyagblɔɖila eve siawo wɔ fu amesiwo nɔ anyigba la dzi.


Ke egblɔ nɛ bena: Ne womeɖo to Mose kple nyagblɔɖilawo o la, ne amea ɖe tsi tre tso ame kukuwo dome hã la, mele ŋu te ge aƒoe ɖe wo nu o.


Ke esi aʋafia la kple amesiwo kpe ɖe eŋuti hele Yesu dzɔm la, kpɔ anyigbaʋuʋu kple nusiwo va dzo la, wovɔ̃ ŋuta hegblɔ bena: Nyateƒe, Mawuvie nye esia!


Eɖe ame bubuwo, eye mate ŋu aɖe ye ŋutɔ ɖokui o; nenye Israel ƒe fia wònye la, ekema neɖi le atitsoga la ŋuti azɔ, eye miaxɔ edzi ase.


Dzidzime vɔ̃ɖi wɔahasi le dzesi biam, eye womelé dzesi na gee o, negbe Yona ƒe dzesi la ko. Tete wògblẽ wo ɖi hedzo.


Nenema ke nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple dumegãwo le fewu ɖum le eŋuti le gbɔgblɔm bena:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite