Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 27:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Ke esi wodo go yina la, wokpɔ ŋutsua ɖe, si tso Kirene, amesi ƒe ŋkɔ enye Simon, eye wozi eyama dzi bena, wòatsɔ atitsoga la nɛ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

32 Esi woyina eklã ge ɖe atitsoga ŋuti la, wodo go ŋutsu aɖe si tso Kirene le Afrika. Eŋkɔe nye Simɔn, eye wozi edzi be wòatsɔ atitsoga la akpe Yesu.

Gade chapit la Kopi




Mateo 27:32
17 Referans Kwoze  

Eye wozi Simon, Kirenetɔ, Aleksandro kple Rufo fofo, amesi tso agbleta va to wo ŋuti yina la dzi bena, wòatsɔ eƒe atitsoga la.


Eye esi wokplɔe yina la, wòlé Simon, Kirenetɔa ɖe, si tso agbleta gbɔna, eye wotsɔ atitsoga la ɖo edzi, bena wòatsɔe adze Yesu yome.


Tete Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Ne amea ɖe lɔ̃ bena, yeanɔ yonyeme la, negbe nu le eya ŋutɔ dokui gbɔ, ne woatsɔ eƒe atitsoga la, eye wòadze yonyeme.


Eye amea ɖewo tso ƒuƒoƒe, si woyɔna be Libertine-tɔwo kple Kirenetɔwo kple Aleksandriatɔwo ƒe ƒuƒoƒe la me, kpakple amesiwo tso Kilikia kple Asia la, tsi tre hele nusesẽe wɔm kple Stefano.


Frigia kple Pamfilia. Egipte kple Libia-nutowo me, si le Kirene gbɔ, kple amesiwo nye amedzrowo tso Roma, Yudatɔwo kple trɔ̃subɔla-zu-Yudatɔwo,


Eye nyagblɔɖila kple nufialaa ɖewo le ha me, si le Antioxia la me, siwo nye, Barnaba kple Simeon, si woyɔna be Niger, kple Lukio, Kirenetɔ kple Manahem, amesi wonyi kple dzidula Herodes, kple Saul.


Ke esime wo dome ŋutsua ɖewo tso Kipro kple Kirene va Antioxia la, woƒo nu na Helatɔwo hã hele Aƒetɔ, Yesu ŋuti nyanyuie la gblɔm fia wo.


Eye wòlé Yesu, eye wokplɔe yii, eye wòdo go hele eya ŋutɔ ƒe atitsoga la tsɔm yina ɖe teƒe, si woyɔna be ametakoliƒe, eye woyɔnɛ le Hebri-gbe me be Golgata;


Emegbe yakame eve wova nɔ ekasa, eye yakameawo le ɖase ɖim le Nabot ŋu le dukɔ la ŋku me le gbɔgblɔm bena: Nabot do ɖiŋu na Mawu kple fia la! Eye wokplɔe do go yi dua godo ɖaƒu kpee wòku.


gɔ̃ nyitsu blibo la ayi teƒe kɔkɔe, afisi woƒua afi gbe ɖo, le asaɖa la godo, eye woatɔ dzoe le nake dzi; afisi woƒua afi gbe ɖoe, wòatɔ dzoe ale.


Eye mitsɔ yakame eve ɖo ekasa, amesiwo anɔ ɖase ɖim le eŋu anɔ gbɔgblɔm bena: Edo ɖiŋu na Mawu kple fia la! Emegbe miakplɔe ado goe aɖaƒu kpee wòaku.


Eye wòatsɔ nyitsu la ayi asaɖa la godo atɔ dzoe, abe alesi wòto dzo nyitsu gbãtɔ ene, elabena ha ƒe nuvɔ̃ŋutivɔsae.


Ne nunɔla, si wòsi ami na, da vo hehe vɔ̃ va dukɔ la dzi la, ekema woatsɔ nyitsu ɖagbea ɖe, si so blibo asa nuvɔ̃ŋutivɔ na Yehowa ɖe nuvɔ̃, si wòwɔ la ta.


Eye woƒu kpe Stefano, si le gbe dom ɖa le gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ Yesu, xa nye gbegbe la!


eye amesi ke azi dzi wò be, nazɔ kplii gaƒoƒo ɖeka la, zɔ eve kplii.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite