Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 27:31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 Eye esi woɖu fewu le eŋuti vo la, woɖe awu ʋlaya la le eŋu, eye wogatsɔ ye ŋuta ƒe awuwo do nɛ, eye wokplɔe yina kaklã ge ɖe ati ŋuti.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

31 Esi wowu fewuɖuɖu la nu la, woɖe awu dzĩ la le eŋuti, eye wotsɔ eya ŋutɔ ƒe awuwo do nɛ, eye wokplɔe dzoe yina kaklã ge ɖe ati ŋuti.

Gade chapit la Kopi




Mateo 27:31
12 Referans Kwoze  

Wowɔ fui, ke ebɔbɔ eɖokui eye meke nu o; abe alẽ, si wokplɔ yina wuwu ge, kple alẽvi, si li kpoo le eƒe fukolawo ŋku me ene la, nenema eya hã meke nui o.


Eyata Yesu hã kpe fu le agbo la godo, bene wòatsɔ ye ŋutɔ ƒe ʋu akɔ eƒe dukɔ la ŋuti.


Eye woƒu kpe Stefano, si le gbe dom ɖa le gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ Yesu, xa nye gbegbe la!


Tete wòlée hetu asi ʋume nɛ do go tso weingble la me, eye wowui.


Emegbe yakame eve wova nɔ ekasa, eye yakameawo le ɖase ɖim le Nabot ŋu le dukɔ la ŋku me le gbɔgblɔm bena: Nabot do ɖiŋu na Mawu kple fia la! Eye wokplɔe do go yi dua godo ɖaƒu kpee wòku.


Eye mitsɔ yakame eve ɖo ekasa, amesiwo anɔ ɖase ɖim le eŋu anɔ gbɔgblɔm bena: Edo ɖiŋu na Mawu kple fia la! Emegbe miakplɔe ado goe aɖaƒu kpee wòaku.


Emegbe la egblɔ na nusrɔ̃la ma bena: Kpɔ ɖa, dawòe nye esi! Eye tso gaƒoƒo ma ke dzi la nusrɔ̃la la kplɔ eyama yi ye ŋutɔ ƒe me.


Tete wòdee asi na wo, bena woaklãe ɖe ati ŋuti.


eye woatsɔe ade asi na trɔ̃subɔlawo, bena woaɖu fewu le eŋuti, eye woaƒoe kple atam, eye woahee ɖe ati ŋuti; eye ŋkeke etɔ̃agbe la wòatsi tre?


Yehowa gblɔ na Mose bena: Ele be, woawu ŋutsu la; ha blibo la naƒu kpee le asaɖa la godo, woaku.


Minyae bena, ŋkeke eve megbe la ŋutitoto la aɖo, eye woade Amegbetɔvi la asi, be woaklẽe ɖe ati ŋuti.


Eye esi woɖu fewu le eŋuti vɔ la, woɖe awu dzi la le eŋu, eye wogatsɔ ye ŋutɔ ƒe awuwo do nɛ, eye wokplɔe do goe, bena woaklãe ɖe ati ŋuti.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite