Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 27:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Tete wòɖe asi le Baraba ŋu na wo; ke Yesu la, eƒoe kple atam, eye woɖee asi, bena woakpe de ati ŋuti.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 Ale Pilato ɖe asi le Barabas ŋuti na wo. Ena woƒo Yesu, eye esi woƒoe vɔ la, eɖe asi le eŋu na Romasrafowo be woakplɔe aɖaklã ɖe ati ŋuti.

Gade chapit la Kopi




Mateo 27:26
11 Referans Kwoze  

Ke wode abi eŋu le míaƒe dzidadawo ta, eye wogbãe gudugudu le míaƒe vodadawo ta. Miaƒe ŋutifafa ƒe tohehe le edzi, eye eƒe kabiwo wotsɔ yɔ dɔ mí.


Tete Pilato tso Yesu na woƒo kple atam.


Eye esi Pilato lɔ̃ bena, yeawu ameha la ƒe lɔlɔ̃nu la, eɖe asi le Baraba ŋuti na wo, eye Yesu la, esi wòna woƒoe kple atam la, etsɔe de asi, bena woaklãe ɖe ati ŋuti.


Eyaŋuti maƒoe, eye maɖe asi le eŋu.


Mesia nye mẽdome ɖi na ameƒolawo, eye meɖo nye tome anyi na amesiwo nyɔa ɖa; nyemetsyɔ nu ŋku me le vlododo kple taɖeɖe ŋuti o.


Amesi tsɔ miaƒe nuvɔ̃wo ɖa ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi heyi ɖe atitsoga ŋu, bene mí amesiwo ku na nuvɔ̃wo la, míanɔ agbe hena dzɔdzɔenyenye; amesi ƒe kabiwo yɔ dɔ mi la.


eye woaɖu fewu le eŋuti, eye woaɖe ta ɖe eŋu, eye woaƒoe kple atam, eye woawui, eye ŋkeke etɔ̃agbe la atsi tre.


eye woatsɔe ade asi na trɔ̃subɔlawo, bena woaɖu fewu le eŋuti, eye woaƒoe kple atam, eye woahee ɖe ati ŋuti; eye ŋkeke etɔ̃agbe la wòatsi tre?


Tete wòdee asi na wo, bena woaklãe ɖe ati ŋuti.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite