Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 27:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Pilato gblɔ na wo bena: Ekema nuka mawo Yesu, si woyɔna be Kristo la mahã? Wo katã wogblɔ bena: Na woaklãe ɖe ati ŋuti!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 Pilato bia wo be, “Ekema nu ka mawɔ kple Yesu, miaƒe Kristo la?” Wodo ɣli hoo be, “Klãe ɖe ati ŋuti!”

Gade chapit la Kopi




Mateo 27:22
16 Referans Kwoze  

Minya esia azɔ, ŋutsuwo, nɔviwò, bena to nenem me sia dzi wogblɔ nuvɔ̃kekenya fia mi, eye nusiwo katã me womete ŋu tso afia na mi ɖe Mose ƒe se la nu le o la, to eyama me la


Ale Yehowa, Israel ƒe xɔnametɔ kple eƒe kɔkɔetɔ la gblɔ na amesi wodo vloe, amesi dukɔ la nyɔ ŋui, amesi nye dziɖulawo ƒe kluvi la, enye si; Fiawo akpɔe ahatso ɖe tsitrenu, eye amegãwo aɖe ta agu le Yehowa, amesi metrɔa ta me o la ta, le Israel ƒe kɔkɔetɔ, amesi tia wò la ta.


Ke nunɔlagãwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo katã di ɖaseɖiɖi de Yesu ŋuti, bena yewoawui, eye womekpɔ ɖeke o.


Eyaŋuti esi woƒo wo ɖokui nu ƒu la, Pilato gblɔ na wo bena: Ameka ŋue mielɔ̃ bena, maɖe asi le na mia? Baraba loo alo Yesu, si woyɔna be Kristo la mahã?


eye Yakob dzi Yosef, si nye Mana, amesi dzi Yesu, si woyɔna be Kristo la, srɔ̃.


Metsrɔ̃ lãkplɔvi etɔ̃ ɖa le dzinu ɖeka me; woƒe nu ti kɔ nam, eye nye nu ti kɔ na woawo hã.


Ɖe aƒenye me tɔwo menɔa gbɔgblɔm bena: Amekae meɖu eƒe lã ɖi ƒo oa?


Eye mɔ̃mefia la xɔ edzi gblɔ na wo bena: Ame eve la dometɔ ka ŋuti miele didim bena, maɖe asi le na mi mahã? Ke woawo gblɔ bena: Baraba ye!


Ke egblɔ bena: Ekema vɔ̃ ka gɔ̃ wòwɔ mahã? Ke woawo do ɣli sesĩe wu bena: Na woaklãe ɖe ati ŋuti!


Nyɔnua gblɔ nɛ bena: Menyae bena, Mesia, si woyɔna be Kristo la gbɔna; ne eyama va la, agblɔ nuwo katã afia mí.


Eye esi womekpɔ kunyaa ɖeke hã o la, wòbia tso Pilato si me bena, wòawui.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite