Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 27:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Elabena ènyae bena, ŋuʋaʋã ŋutie wotsɔe de asi ɖo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Elabena Pilato nya nyuie be ale si ame geɖewo dze Yesu yomee la koe biã ŋu na Yudatɔwo ƒe dumegãwo, eya ta wolée ɖo.

Gade chapit la Kopi




Mateo 27:18
13 Referans Kwoze  

Dziku la, nu nyayrãe, eye dɔmedzoe dzea agbo; ke ameka ale ŋu anɔ te ɖe ŋuʋaʋã nu?


Ke nunɔlagã la tsi tre kple amesiwo le eŋu la, siwo nye zadukitɔwo ƒe kɔmamã, eye woyɔ fũ kple ŋuʋaʋã.


Elabena edze sii bena, ŋuʋaʋã ŋutie nunɔlagãwo tsɔe de asi ɖo.


Alo ɖe míebuna bena, ŋɔŋlɔ la ƒoa nu dzodzro bena: Gbɔgbɔ, si wòna wòdzra nɔƒe ɖo le mia me la, le edzrom kple ŋuʋaʋã?


Ke esi Yudatɔwo kpɔ amehawo la, woyɔ fũ kple ŋuʋaʋã eye wogblɔ busunya tsi tre de nusiwo Paulo gblɔ la ŋu.


Eye esi tɔgbuiawo le ŋu ʋãm Yosef la, wotsɔe ƒle ɖe Egipte; ke Mawu ti kplii,


Tso esia dzi la nɔviawo ʋã ŋui; ke fofoa dzra nya la ɖo.


Yehowa, wò alo le dzi, ke womelé ekpɔm o; woakpɔ ŋuʋaʋã ɖe dukɔ la ŋu, eye ŋu akpe wo, eye dzo afiã wò ketɔwo.


Eye mekpɔ agbagbadzedzewo katã kple aɖaŋudzedzewo katã de dɔwɔwɔ ŋu be, ŋuʋaʋã wonye de amehavi ŋu. Esia hã tofloko kple dagbadagba de ya me wonye.


Eye woʋã ŋu Mose le asaɖa me kple Yehowa ƒe ame kɔkɔe Aron.


Eyaŋuti esi woƒo wo ɖokui nu ƒu la, Pilato gblɔ na wo bena: Ameka ŋue mielɔ̃ bena, maɖe asi le na mia? Baraba loo alo Yesu, si woyɔna be Kristo la mahã?


Ke esi wòbɔbɔ nɔ ʋɔnuɖrɔ̃zikpui la dzi la, srɔ̃a dɔ ɖo ɖe egbɔ gblɔ bena: Megawɔ naneke kple ame dzɔdzɔe ma o; elabena eto ƒe zã me la mekpe fu geɖe le drɔ̃eƒe le eta.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite