Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 26:74 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

74 Tete la wòde asi fiƒoƒode kple atamkaka me bena: Nyemenya ame la o. Eye kasia koklo ku atɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

74 Azɔ Petro do ɣli, ka atam gblɔ be, “Ne menya ame sia tututu la, ekema nane nedzɔ ɖe dzinye.” Kasia Petro naɖe nu le nya la me la, koklo ku atɔ “kɔkɔliakɔe.”

Gade chapit la Kopi




Mateo 26:74
19 Referans Kwoze  

Nye la, ame geɖe alesi nu melɔ̃na la, mekaa ŋku me na, eye mehea to na; eyata ɖo vevie, be natrɔ le wò dzi me?


Ne amea ɖe melɔ̃ Aƒetɔ Yesu Kristo o la, nezu busu! Aƒetɔ la gbɔna!


Tete Petro gasẽ nu, eye enumake koklo ku atɔ.


Eye migavɔ̃ amesiwo le ŋutilã wum, eye womate ŋu awu luʋɔ o la o, ke boŋ mivɔ̃ amesi ate ŋu atsrɔ̃ luʋɔ kple ŋutilã siaa le dzomavɔʋe me.


Elabena medi bena, nye ŋutɔ mazu busu tso Kristo gbɔ ɖe nɔvinyewo, ƒonyemeawo le ŋutilã nu la ta;


Ke Petro gblɔ bena: Ame, nyemenya nusi gblɔm nèle o. Eye esi wògale nuƒoƒo dzi la, kasia koklo ku atɔ.


Ke esẽ nu gblɔ bena; Nyemenya alo se nya, si gblɔm nèle la gome o; eye wòdo go yi ɖe akpala la nu; tete koklo ku atɔ.


Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Mele egblom na wò bena: Egbe ƒe zã sia me ke, hafi koklo naku atɔ zi eve la, agbe nu zi etɔ̃ le gbɔnye.


Eye dukɔ blibo la katã xɔ dzi bena: Eƒe ʋu neva mía kple mía viwo dzi!


Ke miawo la míate ŋu atsɔ mia vinyɔnuwo na wo woade o; elabena Israel-viwo ka atam bena: Aɖi amesi ana nyɔnu Benyamin la ŋu!


Eya gblɔ na dadaa bena: Wò klosalo akpe ɖeka kple alafa, si wofi, eye nedo ɖiŋu ɖe eŋu, nye hã mese la, le asinye; nyee tso klosalo la. Tete dadaa gblɔ bena: Yehowa ayra wò, vinye!


Yesu to ne bena: Vavã mele egblɔm na wò bena: Zã sia me ke, hafi koklo naku atɔ la, agbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.


Eye esia megbe ʋee la amesiwo le tsitre ɖe afima la, va gblɔ na Petro bena: Nyateƒee, wò hã wo dometɔ ɖeka nènye; elabena wò nuƒoƒo le ha ɖem wò.


Eye Petro ɖo ŋku Yesu ƒe nya, si wògblɔ nɛ la dzi bena: Hafi koklo naku atɔ la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃. Eye wòdo go, eye wòfa avi vevie.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite