Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 26:42 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

42 Egayi zi evelia, eye wòdo gbe ɖa gblɔ bena: Fofonye, ne esia nu mate ŋu ayi o, wònye ɖeko manoe la, woawɔ wò lɔlɔ̃nu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

42 Yesu gagblẽ nusrɔ̃la etɔ̃awo ɖi heyi ɖado gbe ɖa ake be, “Fofo, nenye be ele be matsɔ agba sia kokoko la, ekema mawɔ wò lɔlɔ̃nu.”

Gade chapit la Kopi




Mateo 26:42
14 Referans Kwoze  

Eye esi wote yi ŋgɔ ʋee la, edze klo tsyɔ mo anyi hedo gbe ɖa gblɔ bena: Fofonye, ne ate ŋui la, na be, kplu sia nato ŋutinye ayi; gake la menye alesi nye ŋutɔ medi o, negbe alesi wòa nèdi ko.


Elabena menye nunɔlagã, si mate ŋu anya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na mi o lae le mía si o, ke boŋ enye amesi wote kpɔ le nuwo katã me, abe míawo ke ene, negbe nuvɔ̃ koe mele eŋu o.


Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!


Ke Yesu xɔ edzi gblɔ bena: Mienya nusi biam miele o. Alo miate ŋu ano kplu, si no ge malaa? Eye mawutsi, si woade ta nam la, wòadee ta na miawo hã mahã? Wogblɔ nɛ bena: Miate ŋui.


Eye esi wògava la, ekpɔ wo le alɔ̃ me, elabena woƒe ŋkuwo dzi wɔ dɔ.


Eye wòbena: Aba, Fofo! Etea ŋu wɔa nuwo katã; tsɔ kplu sia yii le gbɔnye; gake menye nusi nye ŋutɔ melɔ̃ o, negbe nusi wò nèlɔ̃ ko.


Fofo, ne èlɔ̃ la, tsɔ kplu sia yii le gbɔnye; gake menye nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ tsiwo woawɔ.


Elabena medi tso dziƒo va, menye bena mawɔ nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, negbe amesi dɔm da la ƒe lɔlɔ̃nu ko.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite