Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 26:37 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

37 Eye wotsɔ Petro kple Zebedeo ƒe ŋutsuvi eveawo kpe ɖe eɖokui ŋuti, eye wòde asi nuxaxa me kple dzodzo me nyanyanya.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

37 Ekplɔ Petro kple Zebedeo ƒe vi eveawo siwo nye Yohanes kple Yakobo la ɖe asi. Esi wova ɖo teƒea la, vevesese helĩhelĩ kple nuxaxa yɔ eme.

Gade chapit la Kopi




Mateo 26:37
8 Referans Kwoze  

Ke esi wòdzo le afima te yi ŋgɔ la, ekpɔ nɔviŋutsu bubu eve, Yakobo, si nye Zebedeo vi, kple nɔvia Yohanes, wole ʋu me kple wo fofo Zebedeo hele woƒe aɣliwo sam, eye wòyɔ wo.


Le ŋkeke ade megbe la Yesu tsa Petro kple Yakobo kple nɔvia Yohanes kpe ɖe eɖokui ŋuti, eye wòkplɔ wo yi to kɔkɔe ɖe dzi, woawo ɖeɖe.


Eye mede mɔ na amea ɖeke be, wòadze eyome o, negbe Petro kple Yakobo kple Yohanes, Yakobo nɔvi la ko.


Fiti ko nye luʋɔ ʋuʋu kpẽkpẽkpẽ, eye aleke magblɔ? Fofo, ɖem tso gaƒoƒo sia me! Gake esia ta meva gaƒoƒo sia me ɖo.


Eye le eƒe ʋiʋli me la edo gbe ɖa vevie gawu, eye wòva ve me bena, eƒe fifia le abe ʋukɔwo ene hele gegem ɖe anyigba toŋtoŋ.


Tete Zebedeo viwo dada va egbɔ kple eƒe ŋutsuvi eve, eye wòdze klo nɛ le nane biamii.


Ke esi wòle tsa ɖim le Galilea-ƒua nu la, ekpɔ nɔviŋutsu eve, Simon, si woyɔna be Petro, kple nɔvia Andrea, wole asabu dam ɖe ƒua me: elabena tɔƒodelawo wonye.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite