Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 26:34 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 Yesu to ne bena: Vavã mele egblɔm na wò bena: Zã sia me ke, hafi koklo naku atɔ la, agbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

34 Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Nɔvi, le nyateƒe me la, kasia koklo naku atɔ le fɔŋli me la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.”

Gade chapit la Kopi




Mateo 26:34
7 Referans Kwoze  

Yesu ɖo ŋu bena: Atsɔ wò agbe aɖo anyi ɖe tanyea? Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Koklo maku atɔ, hafi nagbe nu le gbɔnye zi etɔ̃ o.


Eye wògblɔ bena: Petro, mele egblɔm na wò bena: Koklo mele atɔ ku ge egbea, hafi nasẽ nu zi etɔ̃ bena, yemenyam o.


Eye Petro ɖo ŋku Yesu ƒe nya, si wògblɔ nɛ la dzi bena: Hafi koklo naku atɔ la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃. Eye wòdo go, eye wòfa avi vevie.


Ke Petro xɔ dzi gblɔ nɛ bena: Ne wo katã woakpɔ nuɖiaɖia le ŋutiwò la, nye la nyemele ekpɔ ge gbeɖe o.


Eye enumake la koklo ku atɔ zi evelia. Eye Petro ɖo ŋku nya la dzi, alesi Yesu gblɔ nɛ bena: Hafi koklo naku atɔ zi eve la, agbe nu le gbɔnye zi etɔ̃. Eye wòƒu du do go, eye wòfa avi.


Eye Aƒetɔ la trɔ kpɔ Petro dũ. Eye Petro ɖo ŋku Aƒetɔ la ƒe nya dzi, alesi wògblɔ nɛ bena: Hafi koklo naku atɔ egbe sia la, agbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite