Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 26:31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 Tete Yesu gblɔ na wo bena: Mi katã miele nuɖiaɖia kpɔ ge le ŋutinye le zã sia me; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Mele alẽkplɔla ƒo ge, eye alẽha blibo la katã laka ahlẽ.“

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

31 Azɔ Yesu gblɔ na wo be, “Le egbe ƒe zã sia me la, mi katã miakaka le ŋunye, elabena woŋlɔe ɖe mawunya me be, “ ‘Mele alẽkplɔla la ƒo ge, eye alẽawo katã akaka gbẽe.’

Gade chapit la Kopi




Mateo 26:31
16 Referans Kwoze  

Yi, nyɔ ɖe nye lãkplɔvi kple ŋutsu, si mia kplii míebɔa ha la ŋu, Yehowa Zebaot ye gblɔe. Dza lãkplɔvi, ne lãha nakaka ahlẽ! Ke matrɔ nye asi ɖe ame tsewo ŋu.


Kpɔ ɖa, gaƒoƒo li gbɔna, eye wòde vɔ, bena woaka mi ahlẽ, amesiame ayi ye ŋutɔ tɔ gbɔ, eye miagblẽ nye ɖeka ɖi, hafi menye nye ɖekae li o, elabena Fofo la li kpakplim.


Enya nye vlododo, ŋukpe kple dzo; ŋkuwò me nye ketɔwo katã le.


Nye dzi le totrom, nye ŋusẽ gblẽm ɖi, eye nye ŋkuwo ƒe kekeli hã megale gbɔnye o.


Eye Woayra amesi ke mekpɔ nuɖiaɖia le ŋutinye o.


Meyɔ nye ahiãviwo, ke woblem. Nu te nye nunɔlawo kple ame tsitsiwo ŋu le dua me, elabena wole nuɖuɖu dim, ne woatsɔ lé woƒe agbe ɖe te.


Ke Yehowa ɖi be, yeatsɔ dɔléle agbãe gudugudu; ne etso eɖokui wo fɔɖivɔsae la, akpɔ dzidzimeviwo, anɔ agbe didie, eye Yehowa ƒe tameɖoɖo adze edzi to eƒe asi dzi.


Woɖe to ɖem atraɖi abe tsi ene, wo katã tim ɖe to ɖem.


Ke esiawo katã va me, bena woawu nyagblɔɖilawo ƒe ŋɔŋlɔawo nu. Tete la nusrɔ̃lawo katã gblẽe ɖi hesi.


Amegbetɔvi la le yiyim, abe alesi woŋlɔ ɖi le eŋuti ene; ke baba na nenem me, si lade Amegbetɔvi la asi! Enyo na nenem me la bena, womegaxae dzi o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite