Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 26:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Tete nunɔlagãwo kple dumegãwo va kpe ta ɖe nunɔlagã, si ŋkɔ nye Kayafa la, ƒe mɔ̃ la me;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Le ɣeyiɣi ma tututu me la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple Yudea dumegã bubuwo kpe ta ɖe nunɔlagãtɔ, Kayafa ƒe aƒe me,

Gade chapit la Kopi




Mateo 26:3
23 Referans Kwoze  

Azɔ Hana ɖoe ɖe Kayafa, nunɔlagã la gbɔ bablae.


Eye Petro le eyome ʋĩ gbɔna vaseɖe nunɔlagã la ƒe mɔ̃ me, eye wòbɔbɔ nɔ dɔlawo gbɔ le dzo ƒum.


Azɔ wokplɔ Yesu tso Kayafa gbɔ heyi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe la, eye fɔŋli ti, ke woa ŋutɔwo meyi de ʋɔnudrɔ̃ƒe la, bena yewomagagblẽ kɔ ɖo o, ke boŋ bena yewoate ŋu aɖu ŋutitoto la.


Ke nunɔlagãwo kple farisitɔwo de se ɖi bena, ne amea de nya afisi wòle la, nefia, ne yewoayi aɖalée.


Ke ne miegbe toɖoɖom, miekɔ dzudzɔgbe la ŋu o, eye mietsɔ agba ge ɖe Yerusalem ƒe agbowo me le dzudzɔgbe dzi la, ekema mado dzo ɖe eƒe agbowo nu, be wòafiã Yerusalem ƒe fiasãwo, eye matsi o.


Ke nye la mele abe alẽvi mamlã, si wokplɔ yina wuwu ge ene, nyemenyae be, woɖo la me ɖe ŋunye o be: Mina míawu ati la kple eƒe tsetsewo, eye míatsrɔ̃e ɖa le agbagbeawo ƒe anyigba dzi, ne womagaɖo ŋu eƒe ŋkɔ azɔ o.


Wole nya trɔm nam gbesiagbe; eye woƒe susuwo katã nye be, woawo vɔ̃ ɖe ŋunye.


eye Hana kple Kayafa wonye nunɔlagãwo la, Mawu ƒe nya va Yohanes, Zaxarya vi la gbɔ le gbedzi.


Ke Petro bɔbɔ nɔ anyi ɖe gota le akpata me, eye nyɔnudɔlaa ɖe va egbɔ gblɔ nɛ bena: Wò hã ènɔ Yesu, Galileatɔ la gbɔ kpɔ.


Tete mɔ̃mefia la ƒe asrafowo tso Yesu, eye wokplɔe yi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe, eye asrafoha blibo la katã ƒo ƒu ɖe eŋuti.


Eye esi Petro le mɔ̃ la me le anyigba la, nunɔlagã la ƒe nyɔnudɔlawo dometɔ ɖeka gbɔna,


Ke asrafoawo kplɔe yi ɖe xɔ gã, si nye ʋɔnuɖrɔ̃ƒe la me, eye woyɔ asrafoha blibo la katã ƒo ƒu.


Eye esi wodo dzo ɖe mɔ̃ la titina, eye woƒo ƒu ɖe egbɔ la, Petro bɔbɔ nɔ wo dome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite