Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 26:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Eye esi wole nua ɖum la, Yesu tsɔ abolo ɖe asi, eye esi wògblɔ akpedanya la, eŋe eme hetsɔ na nusrɔ̃lawo gblɔ bena: Mixɔe ɖu! Esia nye nye ŋutilã!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 Esi wonɔ nua ɖum la, Yesu tsɔ abolo ɖe asi. Edo gbe ɖa ɖe abolo la ta, eye wòŋe eme hetsɔ na eƒe nusrɔ̃lawo eye wògblɔ be, “Mixɔe ɖu. Esiae nye nye ŋutilã.”

Gade chapit la Kopi




Mateo 26:26
16 Referans Kwoze  

Eye le kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, esi mieƒo ƒu, be míaŋe abolo la, Paulo gblɔ nya na wo; eye wòdidi nya la ɖe edzi vaseɖe zãtitina, elabena edi be, ne ŋu ke la, yeadze mɔ.


Eye wo katã wono gbɔgbɔ me nunono ma ke, elabena wono tso gbɔgbɔ me kpe gbadza, si dze wo yome la me: ke kpe gbadza lae nye Kristo.


Eye gbesiagbe wonɔa gbedoxɔ me kple tame ɖeka, eye wole abolo kam le aƒe sia aƒe me, eye woɖua nu kple dzidzɔ kpakple dzimekɔkɔ


Eye wòva ve me bena, esi eya kple wo le nuɖuƒe la, etsɔ abolo la, eye esi wòyra ɖe edzi, eye wòŋe eme la, etsɔe na wo.


Eye esi wòtso abolo atɔ̃ la kple lã eveawo la, ekpa dziƒo, eye wòyra ɖe wo dzi, eye wòŋe aboloawo me, eye wòtso wo na nusrɔ̃lawo, bena woatsa wo aɖo wo ko me, eye wòmã lã eveawo hã me ɖe wo katã dome.


Eye wòɖo bena, amehawo nabɔbɔ nɔ gbea dzi; eye esi wòtsɔ abolo atɔ̃ la kple lã eveawo la, ekpɔ dziƒo, eye wòyra ɖe wo dzi, eye esi wòŋe wo me la, etsɔ wo na eƒe nusrɔ̃lawo, eye nusrɔ̃lawo tsɔ wo na amehaawo.


Eye wòtso kplu ɖe asi, eye esi wòda akpe le eta la, etsɔe na wo gblɔ bena: Mi katã mino le enu;


Eye esi wòtso kplu ɖe asi la, eda akpe ɖe edzi hegblɔ bena: Mixa esia, eye mimã me le mia nɔewo dome;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite