Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 26:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Eye Yuda, amesi fia eyome ma la, xɔ edzi gblɔ bena: Nyea, Rabi? Egblɔ nɛ bena: Wòe gblɔe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

25 Ke azɔ la, Yuda hã bia Yesu be, “Nufiala, nyee le nu sia wɔ gea?” Ke Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nɔvi, wò tututue le dɔ sia wɔ ge.”

Gade chapit la Kopi




Mateo 26:25
11 Referans Kwoze  

Yesu gblɔ nɛ bena: Wòe gblɔe; gake la mele egblɔm na mi bena: Tso esia dzi miele Amegbetɔvi la kpo ge, wòabɔbɔ nɔ anyi de ŋusẽ ƒe nuɖusi me, ana dziƒo ƒe alilikpowo dzi gbɔna.


Eye Yesu le tsitre ɖe mɔ̃mefia la ƒe ŋku me, eye mɔ̃mefia la biae bena: Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la mahã? Yesu gblɔ nɛ bena: Wòe gblɔe.


Tete Pilato gblɔ nɛ bena: Ekema fia nènye ni? Yesu ɖo ŋu bena: Wòe le egblɔm bena, fia menye. Nye la, esia ta wodzim ɖo, eye esia ta meva xexeame ɖo, bena maɖi ɖase na nyateƒe la. Amesiame, si tso nyateƒe me la, ɖoa to nye gbe.


Eye wo katã gblɔ bena: Ekema Mawuvi nènye mahã? Eye wògblɔ na wo bena: Miawoe le egblɔm bena: Nyee.


Eye enumake wote ɖe Yesu, ŋu, eye wògblɔ bena. Rabi, fiẽ na wò loo! Eye wògbugbɔ nu nɛ.


kpakple gbedoname le ablɔawo me, eye bena, amewo nayɔ wo be Rabi.


Alea nye gbolɔ toƒe hã; eɖua nu tutua nu xalixali gblɔna be: Nyemewɔ nu baɖaa ɖeke o.


Ke eya va tsi tre ɖe eƒe aƒetɔ gbɔ. Tete Elisa biae bena: Afika netso, Gexazi? Eɖo ŋu bena: Wò dɔla medo de afi alo afime o!


Ke miawo la migana woayɔ mi be Rabi o, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe nufiala, eye mi katã la nɔviwò mienye.


Tete ame wuieveawo dometɔ ɖeka, si woyɔna bena Yuda Iskariot la, ta edzi yi ɖe nunɔlagãwo gbɔ gblɔ bena:


Le esia me la nusrɔ̃lawo ɖe kuku nɛ gblɔ bena: Rabi, va ɖu nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite