Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 26:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Egblɔ bena: Miyi ɖe dua me ɖe ame ma gbɔ, eye migblɔ nɛ be na: Nufiala la gblɔ bena: Nye azãgbe la le ɖoɖom, gbɔwò maɖu ŋutitotolẽvi la le kple nye nusrɔ̃lawo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ne miege ɖe dua me teti ko la, miado go ŋutsu aɖe. Migblɔ nɛ be, ‘Míaƒe Nufiala ɖo mí ɖe gbɔwò be míagblɔ na wò be yeƒe ɣeyiɣi la ɖo azɔ, eya ta ye kple yeƒe nusrɔ̃lawo yewoava adze gbɔwò aɖu Ŋutitotoŋkekenyui la.’ ”

Gade chapit la Kopi




Mateo 26:18
18 Referans Kwoze  

Yesu gblɔ na wo bena: Nye azãgbe la meɖo haɖe o: ke miawo la miaƒe azãgbe la ɖona ɖaa.


Nusiawo Yesu gblɔ, eye woti wu eƒe mo dzi kpɔ dziƒo, eye wògblɔ bena: Fofo, gaƒoƒo la de, kɔ Viwò la ŋuti, bena Viwò hã naka ŋutiwò.


Eye hafi ŋutitotoŋkekenyuie la naɖo, esi Yesu nya bena, yeƒe gaƒoƒo la ɖo vɔ, bena yeadzo le xexe sia me ayi ɖe Fofoa gbɔ, esi wòlɔ etɔ, siwo le xexeame la, elɔ̃ wo vaseɖe nuwuwu.


Tete wodi bena, yewoalée, eye amea ɖeke medo asi ɖe egbɔ o; elabena eƒe gaƒoƒo mede haɖe o.


Miawo la, miheyi ŋkekenyuiea ɖuƒe; nye la nyemeyina ŋkekenyuie sia ɖuƒe o; elabena nye azãgbe la mede vo haɖe o.


Ke Yesu ɖo ŋu na wo gblɔ bena: Gaƒoƒo la ɖo vɔ bena, woakɔ Amegbetɔvi la ŋuti.


Gbawotsyogbe menɔ mawuxɔ la me kpli mi, eye mieɖo miaƒe asiwò ɖe gbɔnye kpɔ o; ke esia enye miaƒe gaƒoƒo kple viviti ƒe ŋusẽ.


Eye esi wògblɔ esia la, etɔ edzi yi ɖayɔ nɔvianyɔnu Maria dzaa, eye wògblɔ bena: Nufiala va, eye wòle yɔwòm.


Esi wogale nu ƒom la, du tso ƒuƒoƒemegã la ƒe me va bena: Wò nyɔnuvi la ku; nukaŋuti nègale fu dem na nufiala mahã?


Minyae bena, ŋkeke eve megbe la ŋutitoto la aɖo, eye woade Amegbetɔvi la asi, be woaklẽe ɖe ati ŋuti.


Eye womegayɔ mi be kplɔlawo o; elabena ame ɖekae nye miaƒe kplɔla, eyae nye Kristo.


Ke miawo la migana woayɔ mi be Rabi o, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe nufiala, eye mi katã la nɔviwò mienye.


Eye ne amea ɖe agblɔ nane na mi la, migblɔ bena: Aƒetɔ la le wo hiãm, eye enumake adɔ wo ɖa.


Yesu gblɔ nɛ bena: Maria! Ke esi wòtrɔ eɖokui la, egblɔ nɛ le Hebri-gbe me bena: Rabuni! si gɔmee nye nufiala.


Eye enumake wote ɖe Yesu, ŋu, eye wògblɔ bena. Rabi, fiẽ na wò loo! Eye wògbugbɔ nu nɛ.


Eye nusrɔ̃lawo wo, abe alesi Yesu ɖo na wo la ene eye wodzra ŋutitotolẽvi la ɖo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite