Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 25:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ke aɖaŋudzelawo xɔ edzi gblɔ bena: O, ɖewohĩ made mía kpli miawo nu o, miyi amesiwo le edzram la gbɔ boŋ, ne miadzee na mia ɖokui.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 “Gake woɖo eŋu na abunɛtɔawo be, ‘Mía tɔ hã mesɔ gbɔ ade mia kple míawo nu o, eya ta miyi ne miadze ɖe na mia ɖokuiwo.’

Gade chapit la Kopi




Mateo 25:9
12 Referans Kwoze  

eye Noa, Daniel kple Hiob le edzi la. Aƒetɔ Yehowa be: Metà ɖokuinye ƒe agbe: Womaɖe ŋutsuvi alo nyɔnuvia ɖeke o, negbe woawo ŋutɔ ƒe agbe ko woaɖe le woƒe dzɔdzɔenyenye ta.


Eyata trɔ le wò dzi me tso wò vɔ̃ɖinyenye sia me, eye naɖe kuku na Aƒetɔ la, bena ɖewohĩ atso wò dzimesusu la ake wò.


Tete Yehowa gblɔ nam bena: Ne Mose kple Samuel wotsi tre ɖe ŋkunye me hã la, nye dzi matrɔ ɖe dukɔ sia ŋu o. Nyã wo ɖa le ŋkunye me, ne woadzo.


Eyaŋuti amesiame, si se nye nya siawo, eye wòwɔ wo dzi la, matsɔe aɖo ŋutsu nyanu, si tu eƒe xɔ ɖe kpe gbadza dzi la ŋuti;


Kpɔ ɖa, nye la mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖe amegãxiwo dome; eyaŋuti midze adaŋu abe dawo ene, eye midza abe ahɔ̃nɛwo ene.


Eye wo dome ame atɔ̃ nye abunetɔwo, eye ame atɔ̃ hã nye aɖaŋudzelawo.


Eye abunetɔwo gblɔ na aɖaŋudzelawo bena: Mina miaƒe ami la ɖe mí, elabena miaƒe akaɖiwo le tsitsim.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite