Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 25:45 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

45 Tete wòaɖo ŋu na wo agblɔ bena: Vavã mele egblɔm na mí bena: Nusianu, si miewɔ na nenem me sue siawo dometɔ ɖeka o la, miewɔe na nye hã o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

45 “Ale maɖo eŋu na wo be, ‘Vavã, mele egblɔm na mi bena, esi miegbe be yewomawɔ nu siawo na nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka teti hã o la, nyee nye ema miewɔ wo na o.’

Gade chapit la Kopi




Mateo 25:45
16 Referans Kwoze  

Amesi xe nu to me ɖe ame dahewo ƒe ɣlidodo la, eya hã ado ɣli, eye womesea o.


Amesi ɖea alɔme le ahetɔ ŋu la, edoa vlo ewɔla; amesi kpoa dzidzɔ le dzɔgbevɔ̃e ŋu la, womagbe tohehe nɛ o.


Eye wògblɔ bena: Wò amekae, Aƒetɔ? Eye Aƒetɔ la gblɔ bena: Nyee nye Yesu, amesi yome tim nèle; asẽ na wò be, nada afɔkpo nutɔnu.


Eye fia la aɖo eŋu agblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Nusianu, si miewɔ na nenem nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka la, nyee miewɔe na.


Amesi te ame tsa ɖe anyi la, ɖea alɔme le ewɔla ŋu; ke amesi vea ame dahe nu la, ɖea bubu eŋu.


Migaka asi nye amesiaminawo ŋu o, eye migawɔ vɔ̃a ɖeke nye nyagblɔdilawo o!


Tete wògblɔ nɛ bena: Ɖe abla naɖagblɔ na ɖekakpuivi ma bena: Yerusalem anɔ nuvo le ame kple lã geɖe, siwo anɔ eme la ta.


Etsyɔ akɔ anyi abe dzatatsu kple dzatanɔ ene, ameka le eʋuʋu ge? Ne amea ɖe yra wò la, woayrae; eye ne amea ɖe ƒo fi de wò la, woaƒo fi aɖee.


Mayra amesiwo yra wò, ke amesiwo doa vlo wò la, maƒo fi ade wo, eye le wò me woayra anyigba dzi meawo katã le.


Amesi ke xɔa nyagblɔɖila le nyagblɔɖila ƒe ŋkɔ dzi la, eya laxɔ nyagblɔɖila ƒe fetu; eye amesi ke xɔa ame dzɔdzɔe le ame dzɔdzɔe ƒe ŋkɔ dzi la, eya laxɔ ame dzɔdzɔe ƒe fetu.


Tete woawo hã woaxɔ edzi nɛ agblɔ bena: Aƒetɔ, gbekagbe míekpɔ wò bena, da le wuwòm, alo tsikɔ le wuwòm, alo nènye amedzro, alo nèle amama, alo wò lãme gblẽ, alo nèle gaxɔ me, eye míesubɔ wò o mahã?


Eye woawo la wòayi ɖe fukpekpe mavɔ la me, ke ame dzɔdzɔewo la wòayi ɖe agbe mavɔ la me.


Ke ne miewɔ nuvɔ̃ ɖe mia nɔviwo ŋuti ale, eye miede abi woƒe dzitsinya, si gbɔdzɔ ŋuti la, ekema miewɔ nuvɔ̃ ɖe Kristo ŋuti.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite