Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 25:40 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

40 Eye fia la aɖo eŋu agblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Nusianu, si miewɔ na nenem nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka la, nyee miewɔe na.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

40 “Eye Nye, Fia la, maɖo eŋu na wo be, ‘Vavã, mele egblɔm na mi bena, esi miewɔ nu siawo katã na nɔvinye sue siawo dometɔ aɖe ta la, nyee miewɔ wo na!’

Gade chapit la Kopi




Mateo 25:40
42 Referans Kwoze  

Amesi ve ame dahe nu la, edo nugbana na Yehowa, eye wòaɖo eƒe nuwɔwɔ teƒe nɛ.


Amesi te ame tsa ɖe anyi la, ɖea alɔme le ewɔla ŋu; ke amesi vea ame dahe nu la, ɖea bubu eŋu.


Eye amesi ke tsɔ tsi fafa kplu na ame tsɛ siawo dometɔ ɖeka le nusrɔ̃la ɖeɖe ƒe ŋkɔ dzi ko la, vava mele egblɔm na mí bena: Eƒe fetu la mele eŋu tsi ge o.


Elabena amesi ke ana tsi kplu ɖeka mi be, miano le nye ŋkɔ me, esi wònye Kristo tɔ míenye ŋuti la, vava mele egblɔm na mi bena: Eƒe fetu la mele eŋu tsi ge o.


Esi mieto Gbɔgbɔ la me wɔ miaƒe luʋɔwo kɔkɔe le toɖoɖo nyateƒe la me hena nɔvilɔlɔ̃, si me alakpa mele o la, eyata milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi dzadzɛ me.


Elabena le Kristo Yesu me la aʋatsotso mate ŋu awɔ naneke o, eye aʋamatsomatso hã nenema ke, hafi boŋ xɔse, si sẽa ŋu le bla me lae.


Ke Gbɔgbɔ ƒe kutsetse enye: Lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, anukwaretɔnyenye,


Amesi ke xɔa mi la, nyee wòxɔ, eye amesi ke xɔam la, exɔ amesi dɔm ɖa.


Mikpɔ nyuie, ne miagado vlo nenem ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka o; elabena mele egblɔm na mi bena: Woƒe mawudɔla, siwo le dziƒowo la, le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe mo kpɔm ɖaasi.


Ne amea ɖe gblɔ be, yelɔ̃a Mawu, eye wòléa fu nɔvia la, aʋatsokala wònye; elabena amesi melɔ̃ nɔvia, si kpɔm wòle o la, aleke wòate ŋu alɔ̃ Mawu, si kpɔm mele o mahã?


Elabena Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lalã, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta, le esime miesubɔ ame kɔkɔewo, eye miegale edzi le wo subɔm lã be o.


elabena eƒe ŋutilã ƒe ŋutinuwo míenye, fefe ŋutilã kple eƒe ƒuawo me mietso.


Elabena, nɔviwo, woyɔ mi va ablɔɖenyenye gbɔ; ɖekoe ablɔɖenyenye la naganye mɔnunana ŋutilã o, ke boŋ misubɔ mia nɔewo le lɔlɔ̃ me!


Dawid gblɔ nɛ bena: Megavɔ̃ o, elabena mave nuwò le fofowò Yonatan ta: magagbugbɔ fofowò Saul ƒe agblewo katã na wò, eye naɖu nu le nye agba nu ɖaa.


Elabena amesiwo wonya ɖi la, eɖo wo ɖi hã, bene woanye Via ƒe nɔnɔme tɔgbe, bene wòanye ŋgɔgbevi le nɔvi geɖewo dome.


Tete Yesu gblɔ na wo bena: Migavɔ̃ o! Miyi ɖaka eta na nɔvinyewo bena, wòayi Galilea, eye afima woakpɔm le.


Tete fia la agblɔ na amesiwo le eƒe nuɖusi me la bena: Miva, mi Fofonye ƒe ame yayrawo, minyi fiaɖuƒe, si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexeme ƒe gɔmeɖoɖoanyi me la, ƒe dome!


Eye Dawid bia bena: Ɖe amea ɖeke mekpɔtɔ ɖe Saul ƒe me, ne mave enu le Yonatan ta oa?


Elabena mieɖea gbe ƒã mía ɖokui o, ke boŋ Kristo Yesu, bena eyae nye Aƒetɔ la, ke míawo míenye subɔlawo le Yesu ŋuti,


Yesu gblɔ nɛ bena: Megaka asi ŋunye o; elabena nyemekpɔ yi dziƒo, Fofo la gbɔ, haɖe o, ke yi nɔvinveŋutsuwo gbɔ, eye nagblɔ na wo bena: Meyina dziƒo ɖe Fofonye kple miawo hã mia Fofo, nye Mawu kple miawo hã mia Mawu la gbɔ.


Na míatu xɔvia de de xɔta, míatre eŋu, eye miatsɔ abati, kplɔ̃ kple ablegɔ kpakple akaɖiti ada de eme nɛ, eye ne eva mia gbɔ la, ne wòadze afima.


Alo gbekagbe míekpɔ bena, wò lãme gblẽ, alo nèle gaxɔ me, eye míeva kpɔ wò ɖa mahã?


Tete wòaɖo ŋu na wo agblɔ bena: Vavã mele egblɔm na mí bena: Nusianu, si miewɔ na nenem me sue siawo dometɔ ɖeka o la, miewɔe na nye hã o.


gblo bena: Woayra fia, si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa me; ŋutifafa le dziƒo, eye ŋutikɔkɔe le dziƒo boo!


Amesiawo awɔ aʋa kple Alẽvi la, eye Alẽvi la laɖu wo dzi; elabena aƒetɔwo dzi aƒetɔ kple fiawo dzi fia wònye, eye amesiwo li kplii la, wonye ame yɔyɔwo kple ame tiatiawo kpakple nuteƒewɔlawo.


Eye ŋkɔŋɔŋlɔ le eƒe awu kple eƒe aligo dzi bena: Fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ!


Yehowa be: Ke maɖe wò le ɣemaɣi, eye womatsɔ wò ade asi na amesiwo le ŋɔ dzim na wò la o;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite