Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 25:33 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

33 eye wòatsɔ alẽwo aɖo eƒe nuɖusi me, ke atsa gbɔ̃wo aɖo eƒe mia me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

33 Mada alẽawo ɖe nye nuɖusime, eye gbɔ̃awo anɔ nye miame.

Gade chapit la Kopi




Mateo 25:33
15 Referans Kwoze  

Midze sii be, Yehowa ye nye Mawu! Eyae wɔ mí, eye etɔ míenye, eƒe dukɔ kple alẽwo le eƒe lãnyiƒe míenye.


Dawid ƒe ha. Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ be: Bɔbɔ nɔ nye nuɖusi me, vaseɖe esime matsɔ wò fulɔwo awɔ wò afɔɖodzinu!


Wò avɔwo katã nye lifi, sikɔni kple kotoklobo; saŋkuƒoƒo le dzidzɔ dom na wò le nyiɖufiasã me.


amesi nye teƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ kple eƒe mawunyenye ƒe nɔnɔme, eye wòtsɔa eƒe ŋusẽ ƒe nya léa nuwo katã ɖe asi: eye esi wòwu miaƒe nuvɔ̃wo ƒe kɔklɔɖa nu va la, ebɔbɔ nɔ anyi ɖe gãnyenye ƒe nuɖusi me le dziƒo;


esi wòwɔ le Kristo me, esime wòfɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wòtsɔe ɖo ye ŋutɔ ƒe nuɖusi me le dziƒonutowo me


Esi Aƒetɔ la ƒo nu na wo vɔ megbe la, wokɔe tẽ yi dziƒo, eye wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusi me.


Elabena eya nye mía Mawu, eye míawo míenye dukɔ le eƒe lãnyiƒe kple eƒe si me lẽwo. Egbegbe, ne miese eƒe gbe la,


Ke mí, wò dukɔ kple wò lãnyiƒe ƒe alẽwo, míada akpe na wò tegbee, eye míaxlẽ wò ŋkɔxɔxɔ afia le dzidzimewo katã me.


Eye Bat-Seba va fia Salomo gbɔ, be yeaƒo nu kplii le Adoniya ta; tete fia la tsi tre yi ɖakpee, eye wòbɔbɔ ɖe eŋku me; ebɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui la dzi, eye wòna nunɔdzi fia la dada wòbɔbɔ nɔ eƒe nuɖusi me.


Gomesese le ɖusi me na nunyala, ke bometsila ƒe gɔmesese le mia me nɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite