Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 25:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, elabena mienyã ŋkeke la alo gaƒoƒo la o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 “Eya ta minɔ ŋudzɔ, eye miadzra ɖo, elabena mienya ŋkeke alo gaƒoƒo si dzi matrɔ ava o.

Gade chapit la Kopi




Mateo 25:13
12 Referans Kwoze  

Eyata azɔ migana míanɔ alɔ̃ dɔm abe ame bubuwo ene o, ke boŋ mina míanɔ ŋudzɔ, eye míanɔ mo xexi.


Kpɔ ɖa, megbɔna abe fiafitɔ ene; woayra amesi nɔa ŋudzɔ, eye wòdzra eƒe awuwo ɖo, bene wòagazɔ amama, eye woakpɔ eƒe ŋukpe ƒe o.


Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ le ɣeawo katã yi me kple gbedodoɖa, bena miate ŋu asi le nusiawo katã, siwo le eme va ge la nu, eye be míatsi tre ɖe Amegbetɔvi la ŋku me.


Minɔ ŋudzɔ, minɔ tsitre le xɔse me, miwo ŋutsu, eye mise ŋu!


Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ; elabena miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem hele ame dim, be yeavuvu ami ene;


dɔla ma ƒe aƒetɔ ava te ŋkeke, si dzi mele mɔ kpɔm nɛ o kple gaƒoƒo, si menya o la dzi,


Ke nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ. Eyaŋuti miɖu mia ɖokui dzi, eye minɔ mo xexi hena gbedodoɖa.


Ke wò la nɔ mo xexi le nuwo katã me, do dzi le fukpekpewo me, wɔ nyanyuiegblɔla ƒe do, eye nawu wò subɔsubɔdɔ la nu blibo.


Eyata minɔ ŋudzɔ, eye miɖo ŋku edzi bena, le etɔ sɔŋ, zã kple keli, nyemedzudzɔ nuxɔxlɔ̃ mia dome amesiame kple aɖatsiwo o.


Ke exɔ edzi gblɔ bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Nyemenya mí o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite