Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 25:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ke exɔ edzi gblɔ bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Nyemenya mí o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 “Aƒetɔ la ɖo eŋu na wo be, ‘Vavã mele egblɔm na mi bena, nyemenya mi o!’

Gade chapit la Kopi




Mateo 25:12
12 Referans Kwoze  

Ke ne amea ɖe lã Mawu la, ekema Mawu dze si eyama.


Gake la Mawu ƒe gɔmeɖoɖoanyi sesẽ la lia ke, eye nutrenu sia li nɛ. Aƒetɔ la nya amesiwo nye etɔwo, eye amesiame, si yɔa Aƒetɔ ƒe ŋkɔ la, nate ɖa le madzɔmadzɔnyenye gbɔ.


Nye alẽwo sea nye gbe, eye nye la menya wo, eye wodzea yonyeme;


Mienya bena, Mawu meɖoa to nuvɔ̃wɔlawo o, ke boŋ ne amea ɖe vɔ̃a Mawu, eye wòwɔa eƒe lɔlɔ̃nu la, eyae woɖoa toe.


Elabena Mawu, si nu tovo wɔwɔ medzea eŋu o la, nènye, nu vɔ̃ɖi wɔla menɔa gbɔwò o.


Elabena Yehowa nya ame dzɔdzɔewo ƒe mɔ, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ buna gbidi.


Ke azɔ la, esi mienya Mawu alo Mawu boŋ nya mi la, aleke wɔ, eye miegatrɔ yi ɖe gɔmedzenu gbɔdzɔ daheawo gbɔ, eye miegale didim be, miagasubɔ wo tso gɔmedzedzea me mahã?


Wò amesi ƒe ŋkuwo dza, be màte ŋu akpɔ nu yɔ̃ɖi wɔwɔ o, eye màte ŋu alé ŋku ɖe hiãkame ŋu o, nu kaŋuti nèle ame tovo kpɔm kpleŋku, eye nèzi kpi, ne ame vɔ̃ɖi mi amesi nye ame dzɔdzɔe wui la?


Emegbe la ɖetugbi mamleawo hã va gblɔ bena: Aƒetɔ, Aƒetɔ, ʋui na mí!


Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, elabena mienyã ŋkeke la alo gaƒoƒo la o.


Tso esia dzi, ne aƒetɔ la tsi tre, eye wòtu ʋɔa, eye ne míetsi tre ɖe egodo, de asi ʋɔtrua ƒoƒo me gblɔ bena: Aƒetɔ, Aƒetɔ, nui na mí la, axɔ dzi agblɔ na mi bena: Nyemenya mi, afisi mietso o,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite